9 Efrayim-viwo, aŋutrɔdala, siwo bla akpa la, de megbe le aʋawɔgbe;
9 Togbɔ be aŋutrɔwo le Efraimtɔwo si hã la, wotrɔ megbe si dzo le aʋakpegbe.
wonye aŋutrɔdalawo, amesiwo nya ɖusiwɔwɔ kple miawɔwɔ le kpedada kple aŋutrɔdada me; wotso Benyamin-viwo, siwo nye Saul nɔviwò dome.
Wote ɖe megbe, eye womeɖi anukware o abe wo fofowo ke ene, woƒo asa abe dati doagblɔ ene.
Eye wògblɔ ne bena: Aƒetɔ, mesu te be, mia kpli wò míayi gaxɔ me kple ku me.
Esi Israel-ŋutsuwo de megbe le aʋaa nu da, Benyamin de asi amewo wuwu me le Israeltɔwo dome, woanɔ ame blaetɔ̃: elabena wobu be: Miele wo si ge abe le kpekpe gbatɔ̃ me ke ene.
Eye Gaal, Ebed vi, gblɔ bena: Ameka nye Abimelex, eye ameka nye Sixemtɔ ma ƒe vi, ne míasubɔe? Ɖe menye eyae nye Yerub-Baal ƒe vi, eye wòtsɔ Zebul ɖo dumegã oa? Misubɔ Sixem fofo Hemor ƒe viwo boŋ! Nuka la gɔ̃ miasubɔ eya ɖo?
Eye Filistitɔwo wɔ aʋa kple Israel, eye Israel-ŋutsuwo si le Filistitɔwo nu, eye amewo tsi aʋa le Gilboa-to la dzi.
Filistitɔwo wɔ aʋa la, eye wosi Israel, ale be wo dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me; woɖu dzi gãa ɖe, eye afɔzɔla akpe blaetɔ̃ tsi le Israel ŋu.