Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 78:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 ne woƒe ƒome megbetɔwo, ɖevi, siwo dzi ge woala la, nanyae, eye woatso ɖe tsitre axlẽe afia wo viwo,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 ale be dzidzime megbetɔwo hã nanya wo, eye vi siwo womedzi haɖe o hã nanya wo, ne woawo hã nafia wo viwo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 78:6
11 Mawu Ofanana  

ŋku madzo le ŋkeke sia dzi o, eye woaɖui le dzidzimewo katã kple ƒomewo katã me le anyigbawo katã dzi kple duwo katã me; Purim-ŋkeke siawo nu matso le Yudatɔwo dome o, eye woƒe dzidzimeviwo ƒe ŋku madzo le edzi o.


atrɔ ɖe ame ɖeƒeƒlewo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kukuɖeɖe o.


Woakafu wò dɔwawɔwo tso dzidzime yi dzidzime, eye woaɖe gbe ƒã wò nutsuwɔwɔwo.


Dzidzimeviwo asubɔe, eye megbeviwo axlẽ nya afia le Yehowa ŋu.


Mizɔ Zion ŋu godoo, miƒo xlãe va kpe, eye mixlẽ eƒe xɔ tsralawo!


Eyata, Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime meɖe gbe ƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!


Na wo dɔwɔwɔ nadze na wò dɔlawo, eye wò atsyɔ̃ nanɔ viwòwo ŋu!


eye bene nava xlẽ nusiwo mewɔ Egiptetɔwo kple dzesi, siwo mewɔ le wo dome la, afia viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, bena miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Mixlẽe fia mia viwo, mia viwo naxlẽe afia wo viwo, eye wo viwo naxlẽe afia wo megbeviwo!


Eye megaŋlɔ gbesigbe netsi tre ɖe Yehowa, wò Mawu, ŋku me le Xoreb gbɔ la be o, esime Yehowa gblɔ nam be: Ƒo dukɔ la nu ƒu nam, bena wòase nye nyawo, ne wòanya, alesi woavɔ̃m, ŋkeke alesi wole agbe le anyigba dzi, eye woafia wo wo viwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa