Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 78:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Etu se anyi ɖe Yakob, eye wòɖo nufiame anyi de Israel, siwo ŋu wòde se na mía fofowo le be, woafia wo wo viwo,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ewɔ ɖoɖowo na Yakob, eye wòɖo se anyi ɖe Israel, se siwo ŋu wòde se na mía fofowo be woafia wo viwo,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 78:5
21 Mawu Ofanana  

Elabena metiae, bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui, bena ne nusi ŋugbe Yehowa do la, nava me na Abraham.


Xoxoxo ke menya le wò ɖaseɖiɖiwo ŋu be, èɖo wo anyi tegbee.


Eɖe eƒe nya fia Yakob, eƒe ɖoɖowo kple kɔnuwo fia Israel.


Edzena ɖe dziƒo ƒe mlɔenu, eye wòtrɔna va eƒe mlɔenu, naneke meɣlana ɖe eƒe dzoxɔxɔ o.


Elabena esia nye ɖoɖo na Israel kple Yakob Mawu la ƒe kɔnu.


ekema migblɔ na wo bena: Esia enye ŋutitotovɔsa na Yehowa, amesi tso míaƒe aƒewo ɖi le Egipte-nyigba dzi, eye wowu Egiptetɔwo; ke ekpɔ miaƒe aƒewo ta. Tete dukɔ la de ta agu, eye wodo gbe ɖa.


Eye natsɔ se, siwo mana wò la, ade aɖaka la me.


Eye natsɔ nutsyɔnu la aɖo aɖaka la tame, ke natsɔ se, siwo mana wò la, ade aɖaka la me.


Etsɔ se la de aɖaka la me, eye wòde kpoawo aɖaka la ŋu; eyome wòkɔ nutsyɔnu la da de aɖaka la tame.


Tsɔ nubablaɖaka la da ɖe eme, eye natsɔ xɔmetsovɔ la axe aɖaka la ŋku me.


Agbagbea, agbagbea koe akafu wò, abe alesi mele wɔwɔm egbe sia ene; fofo ɖea wò nyateƒe fiãa viwo.


Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.


Nu geɖe le go sia go me; gbã wotsɔ Mawu ƒe nyawo ɖewo si.


Eye mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke miayi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.


Mifia wo mia viwo, eye miƒo nu le wo ŋu, ne miebɔbɔ no miaƒe aƒewo me, alo miele mɔ dzi, ne miemlɔ anyi, alo miefɔ,


Eye wo vi, siwo mele naneke nyam haɖe o la, nasee, ne wòanya, alesi woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, ŋkeke alesi miele agbe le anyigba, si dzi mietsɔ Yordan le yiyim, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi.


egblɔ na wo bena: Mina nya siawo katã, siwo meku ɖe to me na mi egbea la, naɖe dzigbɔ na mi, eye midee asi na mia viwo, ne wòalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.


Esiawo nye ɖaseɖiɖi kple ɖoɖo kpakple se, siwo Mose gblɔna Israel-viwo, le esime woʋu tso Egipte,


Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mo dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa