Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 76:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Wò la, ŋɔdzi le ŋuwò, eye ameka anɔ te de nuwò, ne dzi ku wòa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Èɖe gbeƒã wò afiatsotso tso dziƒo, anyigba vɔ̃, eye wòzi ɖoɖoe.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 76:8
16 Mawu Ofanana  

Miyi ɖabia nu Yehowa ɖe tanye kple ɖe dukɔ la kpakple Yuda blibo la ta le agbalẽ, si wòfɔ lãme nyawo ŋuti; elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe, si wòdo de mía ŋuti la, nu sẽ, elabena mia fofowo meɖo to agbalẽ sia me nyawo, ne woawɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi o.


Elabena Yehowa lolo, edze kafukafu ŋutɔ, eye vɔvɔ̃ le eŋu wu mawuwo katã.


Anyigba blibo la ƒo kpakpakpa le eŋku me; ena anyigba li ɖi sesĩe, be megaʋã o.


gblɔ bena: Ao, Yehowa, dziƒo Mawu, wò Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, amesi lea nubabla kple amenuveve me de asi na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe seawo me ɖe asi la,


Dziɖuɖu le esi, eye ŋɔdzi le eŋu; enaa ŋutifafa le dzi me ʋi.


amesi tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo!


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi dukɔ la gbɔ, eye nana be, woadzra wo ɖokui ɖo dzadzɛ egbe kple etsɔ, eye wòanya woƒe avɔwo,


Ke Yehowa enye Mawu vava; eyae nye Mawu gbagbe kple fia mavɔ; anyigba ʋuʋu le eƒe dɔmedzoe nu, eye eƒe dziku menya le tsɔtsɔm na dukɔwo o.


Kpɔ ɖa, ado tso Yordan ƒe aƒlawo me abe dzata ene ahayi lãnyiƒe, si de ama ɖaa la; elabena manyãe ɖa le eŋu le aɖabaƒoƒo ɖeka me, eye amesi metia la, eya matsɔ aɖo enu. Elabena ameka de nunye, ameka akplɔm ayi ʋɔnui, eye ameka nye lãkplɔvi anɔ te ɖe nunye?


Ameka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu, eye ameka ato ɖe eƒe dɔmedzoe heliheli nu? Etrɔ eƒe dziku ƒo ɖi abe dzo ene, eye agakpewo le wowom le eŋgɔ.


Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; anyigba blibo la nezi ɖoɖoe le eŋku me.


Kpɔ ɖa, manyẽ nya asi ɖe wo ŋu, ne woazu aboyonu na woƒe kluviwo, eye miadze sii be, Yehowa Zebaot ye ɖɔm ɖa.


Dziƒo wotso wɔ aʋa la, ɣletiviwo nɔ woƒe mɔwo dzi wɔ aʋa kple Sisera.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa