Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 76:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Yakob ƒe Mawu, le wò bublu la nu luʋɔ dzo le aʋawɔtasiaɖamwo kple sɔwo siaa ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Wò ko wòle be woavɔ̃. Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe nuwò ne èdo dɔmedzoe?

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 76:7
15 Mawu Ofanana  

Elabena Yehowa lolo, edze kafukafu ŋutɔ, eye vɔvɔ̃ le eŋu wu mawuwo katã.


Yehowa, Israel ƒe Mawu, enye dzɔdzɔetɔ, elabena míawoe nye ame susɔeawo, siwo kpɔtɔ ɖi, abe alesi wòle egbe siawo ene. Kpo ɖa, míele míaƒe fɔɖiɖiwo me le ŋkuwò me, elabena míate ŋu anɔ te ɖe nuwò le esia ta o.


Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?


Migbugbɔ nu na via, be megado dɔmedzoe, eye miatsrɔ̃ le mɔ ta o! Elabena esusɔ ʋee, eƒe dɔmedzoe nafla. Woayra amesiwo katã sii tso la!


Elabena ameka le dziŋgɔli me de Yehowa nu, eye ameka sɔ kple Yehowa le mawuwo ƒe viwo dome?


Amekae dze si wò dɔmedzoe ƒe ŋusẽ kple wò dziku de alesi woavɔ̃ wò nui?


Ɣemaɣi Mose kple Israel-viwo dzi ha sia na Yehowa bena: Madzi ha na Yehowa, elabena ewo nu tsuwo, ede sɔ kple sɔdola ƒu.


Ede Farao ƒe tasiaɖam kple eƒe aʋakɔ la ƒu, eye eƒe aʋawɔla veviwo nyrã ɖe Avaƒu la me.


Ameka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu, eye ameka ato ɖe eƒe dɔmedzoe heliheli nu? Etrɔ eƒe dziku ƒo ɖi abe dzo ene, eye agakpewo le wowom le eŋgɔ.


Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.


Alo ɖe miana Aƒetɔ la naʋã ŋua? Ɖe míesesẽ wui mahã?


eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye miɖe ta agu na amesi wo dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.


Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa