Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 76:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Miɖe adzɔgbe, eye miwɔ edzi na Yehowa, mia Mawu la! Mi amesiwo le eŋu godoo la, mitsɔ nunanawo vɛ na amesi ŋu ŋɔdzi le!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Etsi dziɖulawo ƒe gbɔgbɔ nu; anyigbadzifiawo katã vɔ̃nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 76:12
15 Mawu Ofanana  

Tete Yehowa dɔ dɔlaa ɖe ɖa wòva tsrɔ̃ ŋutsu kalẽtɔwo katã, aʋakplɔlawo kple amegãwo le Asur-fia ƒe asaɖa la me, eye wògbugbɔ yi eƒe anyigba dzi kple ŋukpe. Eye esi wòyi eƒe mawuwo ƒe me la, eya ŋutɔ ƒe alimeviwo va dzae kple yi ɖe afima.


Eyata mi fiawo, mídze nunya, eye mina woaxlɔ̃ nu mi, mi anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo!


Emegbe aƒo nu kpli wo le eƒe dɔmedzoe me, eye wòado ŋɔdzi na wo le eƒe dziku me.


Mi dukɔwo katã, miƒu akpe, eye mitsɔ aƒadodo tso aseye ɖe Mawu ŋu!


Tsɔ akpedada sa vɔ na Mawu, eye naxe wò adzɔgbeɖefe na dziƒoʋitɔ la!


Aƒetɔ la ƒo nu, eye wòna nyɔnu du nyui xɔlawo de ha kpaŋ.


Mitsɔ ŋusẽ na Mawu, eƒe ŋutikɔkɔe le Israel dzi, eye eƒe ŋusẽ le alilikpowo me.


Eye woava me le ɣemaɣi be, Yehowa ahe to na dziƒoʋakɔwo le dzi me kple anyigba dzi fiawo le anyigba dzi.


hekpe de Yehowa ƒe dzudzɔgbewo, miaƒe nunanawo, miaƒe adzɔgbeɖeɖewo katã kple nusiwo katã miana le mia dokui si hena Yehowa la ŋuti.


Metsrɔ̃ ɖukɔwo, eye woƒe mɔ̃wo gbã; meɖo gbegbe woƒe ablɔwo, eye ame megatoa wo me yina, o; woƒe ɖuwo gbã zu aƒeɖo, eye ame vɔ le wo me.


Esi Amoritɔwo ƒe fiawo katã, amesiwo le Yordan godo le ɣedzeƒe gome, kple Kanaanitɔwo ƒe fiawo katã, amesiwo le ƒu ŋu, se bena, Yehowa na Yordan me tsi la mie le Israel-viwo ŋgɔ, eye wòto me ɖi go la, tete dzi ɖe le wo ƒo, eye kalẽ megale amea ɖeke me ɖe Israel-viwo ŋu o.


Eye anyigba dzi fiawo kple amegãwo kple aʋafia gãwo kple kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo kple kluviwo katã kpakple ablɔɖeviwo katã ɣla wo ɖokui ɖe dowo kple towo ƒe agawo me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa