6 eye wòtsɔ fia kple zu gbã eƒe ati, siwo katã ŋu wowɔ aɖaŋu do la ene.
6 Wotsɔ woƒe fiawo kple yiwo dza aɖaŋu siwo wowɔ ɖe gliawo ŋu.
Eye wòŋlɔ treklɔnutsetsewo kple seƒoƒo kekewo ɖe sederʋuƒo, siwo le xɔa me la ŋu; sederʋuƒo le afisiafi, eye kpea ɖeke ŋu medze o.
Eye woŋlɔ Kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo kekewo ɖe xɔwo kple eve ƒe gliwo katã ŋu le eme.
Amiti wòtsɔ kpa ʋɔtru agaveawoe, eye woŋlɔ Kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo kekewo ɖe wo ŋu, eye wòfa sika ɖe wo dzi; eƒo sika la gbabɛ tsɔ fa ɖe Kerubiawo kple detiawo dzi.
Eŋlɔ Kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo kekewo ɖe wo ŋu, eye wòfa sika ɖe wo dzi, ale be wòsɔ nɔnɔmeawo dzi pɛ.