Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 74:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 De wò afɔ yi gli gbagbã ɖikaɖikawo gbɔ! Futɔ la gblẽ nuwo katã le kɔkɔeƒe la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Trɔ ɖe gli siwo gbã ɖikaɖika la ŋu, gbegblẽ siawoe futɔ la he va wò teƒe kɔkɔe lae.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 74:3
26 Mawu Ofanana  

eye wòtɔ dzo Yehowa ƒe aƒe kple fia ƒe aƒe kple Yerusalem-xɔwo katã kpakple bubumewo ƒe xɔwo katã.


Tete woɖo ŋu nam bena: Ame mamle siwo susɔ tso aboyo me le anyigba dzi afima la, wole dzɔgbevɔ̃e gã kple ŋukpe me; wogbã Yerusalem ƒe gliwo, eye wotɔ dzo eƒe agbowo.


Meto balimegbo la nu le zã me heva ke ɖe lovudo la kple akɔligbo la gbɔ, eye meɖe ŋku ɖe Yerusalem ƒe gli gbagbãwo kple alesi dzo fiã eƒe agbowoe.


eye meɖo ŋu na fia la bena: Fia nenɔ agbe tegbee! Nukaŋuti nyemaɖo adã o, esi du, si nye fofonyewo, ɖiƒe la, zu aƒedo, eye dzo fiã eƒe agbowo la?


Elabena tawò wole mía wum atraɖi ɖaa, eye wobua mí abe alẽ, siwo wu ge woala la ene.


Elabena míaƒe luʋɔ bɔbɔ vaseɖe ke me ke, eye míaƒe ƒodo lé ɖe anyigba ŋu.


Asaƒ ƒe ha. Mawu, dukɔwo nye zi de wò domenyinu dzi, wogblẽ kɔ ɖo na wò gbedoxɔ kɔkɔe la, eye wotsɔ Yerusalem wɔ anyiglãgoe.


Medɔe ɖe dukɔ vɔ̃ɖi la ŋu, eye meɖe gbe nɛ ɖe nye dɔmedzoe ƒe dukɔ la ŋu, ne wòaɖe aboyo, wòaha nu, eye wòafanyae abe ba le kpɔdome ene.


Elabena Yehowa ƒe asi aɖiɖi ɖe to sia dzi, eye wòafanya Moab ɖe enɔƒe, abe alesi wofanyaa gbe ɖe agboti me ene;


Woatso blemaƒedowo, woafɔ gbaɖegbe glikpowo ɖe tsitrenu, eye woagbugbɔ du gbagbãwo kple tsãtɔwo ƒe glikpowo atso.


eye wòtɔ dzo Yehowa ƒe aƒe kple fia ƒe aƒe, Yerusalem-xɔwo katã kple bubumewo ƒe xɔwo katã.


Futɔ la do asi ɖe eƒe nu veviwo katã ŋu; elabena ekpɔ ɖukɔ, siwo nèɖe se na be, womegava wò amehawo ɖome o la, woge ɖe eƒe kɔkɔeƒe la.


Aɖo aʋakɔ ɖa, wòava gblẽ kɔ ɖo na mɔ̃ sesẽ kɔkɔe la, woatsi gbesiagbe vɔsa nu, eye woaɖo ŋunyɔnu, si teƒe mekɔ o la anyi.


Eyata, mía Mawu, se wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple eƒe kokoƒoƒo la, eye nana wò ŋku me naklẽ de wò kɔkɔeƒe, si zu aƒedo la dzi; elabena wòe nye Aƒetɔ.


Abla nu sesẽ kple ame geɖewo kwasiɖa ɖeka, eye le kwasiɖa afã me la atsi akpeɖavɔsa kple nuɖuvɔsa nu, eye ŋunyɔ, si mele gbɔgblɔ me o la, axɔ ɖe wo teƒe vaseɖe nuwuwu, si woɖo; emegbe woatrɔ gbegblẽ aƒo ɖe nugblẽla dzi.


Elabena kpɔ ɖa, Yehowa atso le enɔƒe ahaɖi ɖe anyi, eye wòatsa le anyigba ƒe gkɔkɔƒewo.


Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo, eye gbedoxɔ ƒe to azu togbɛ toave.


Eye wòfia nu gblɔ na wo bena: Alo womeŋlɔ ɖi bena: Woayɔ nye aƒe la be gbedoxɔ na dukɔwo katã oa? Ke miawo la mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe ɖoe.


Eye wòadze yi nu, eye woaɖe wo aboyo ayi ɖe dukɔwo katã dome, eye trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.


Esi wokplɔ fia atɔ̃ siawo va Yosua gbɔ la, Yosua yɔ Israel-ŋutsuwo katã, eye wògblɔ na aʋakɔ la kplɔlawo, amesiwo ɖe aʋa la kplii bena: Mile va, eye miɖo afɔ ve dzi na fia siawo! Tete wote va, eye woɖo afɔ ve dzi na wo.


Eye naɖe xɔxɔnu, si le gbedoxɔa ŋu la, le eme, eye megadzidzee o; elabena wotsɔe na trɔ̃subɔlawo, eye woanya avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blane vo eve sɔŋ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa