16 Tɔwòe nye ŋkeke, eye tɔwòe nye zã, wòe ɖo kekeli kple ɣe.
16 Ŋkeke nye tɔwò, eye zã hã tɔwòe; wòe wɔ ɣe kple ɣleti.
Ewɔ ɣleti, ne wòade vovo ɣeyiɣi me: ɣe nya eƒe toɖoƒe.
Eɖoa viviti anyi, eye zã dona, eya me ave me lãwo katã ʋãa wo ɖokui lena.
Deviwo kple vi nonowo ƒe nu me neli ŋusẽ anyi ɖo le wò ketɔwo ta, ne nana ketɔwo kple hlɔ̃bialawo ƒe nu natɔ kpe.
nye amesi ɖo kekeli, eye mewɔ viviti, nye amesi wɔ dzɔgbenyuie, eye mehe dzɔgbevɔ̃e vɛ. Nye Yehowa ye wɔ nusiawo katã!
Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖe nye nusi mebia kple ŋkeke kple zã meli ke, eye meɖo dziƒo kple anyigba ƒe ɖoɖowo o la,
bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo; elabena eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.