Eye tsi la nyẽ zi va kpe, eye wòŋe ɖe tasiaɖamwo, sɔdolawo kple Farao ƒe aʋakɔ blibo, siwo ti wo yome va ƒua me la dzi. Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mesusɔ o.
Ƒo nu gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Egipte-fia Farao, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò lo gã, si tsyɔ akɔ ɖe Nil-tɔsisi titina hele gbɔgblɔm be: „Tɔnyee nye tɔsisi la, eye nyee wɔe.“