Le nya siawo megbe la fia Axasweros do gã Haman, Hamedata vi, si nye Agagitɔ la, gãe edoe ɖe dzi, eye wotsɔ eƒe zikpui ɖo amegã, siwo katã le eŋu la tɔwo ŋgɔ.
Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke, eɖo ƒã ɖi kpoo, eye wometrɔe tso goe me ko ɖe goe bubu me o, eye meyi aboyo me o, eyata eƒe vivi gale eŋu, eye eƒe ʋeʋẽ metrɔ o.
Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.
Ale Yehowa gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋu, wo amesiwo kplɔa nye ɖukɔ tranae, eye ne woƒe aɖu kpɔ nu le ɖuɖum la, woɖoa boblo ŋutl-fafa, ke wotsɔa aʋa ɖe amesi mena nu wo, be woaɖu o ŋu la, enye si:
Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.