Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 72:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, amesi ɖeɖe ko wɔ nukunuwo!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, eya ame si ko wɔa nu dzɔatsuwo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 72:18
14 Mawu Ofanana  

Tete Dawid kafu Mawu le ameha blibo la ŋku me gblɔ bena: Woakafu wò Yehowa, mía fofo Israel ƒe Mawu, tso mavɔ me yi mavɔ me!


Eye Dawid gblɔ na ameha blibo la bena: Mikafu Yehowa, mia Mawu la! Tete ameha blibo la kafu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, eye wobɔbɔ hede ta agu ɖe Yehowa kple fia la ŋku me.


amesi wɔa nu gã, siwo me dzodzro meli o, kple nukunu, siwo mele xexlẽ me o,


Ewɔ nu gã, si me dzodzro meli o, kple nukunu, siwo melexexlẽ me o.


Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, fa, tso mavɔ me yi mavɔ me, eye dukɔ blibo la negblɔ be: Nenɔ alea, mikafu Yehowa!


Eya, amesi ɖeɖeko wɔa nukunuwo, elabena eƒe amenuveve li tegbee!


Ke èlé nyea ɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ta, eye nètsɔm ɖo ŋkuwò me tegbee.


Mitsɔ ŋusẽ na Mawu, eƒe ŋutikɔkɔe le Israel dzi, eye eƒe ŋusẽ le alilikpowo me.


Mawu, wò mɔ le kɔkɔe, Mawu kae lolo abe wò Mawu ene?


Wòe nye Mawu, amesi wɔ nukunuwo, èɖe wò ŋusẽ fia le dukɔwo dome.


Elabena èlolo, eye nèwɔa nukunuwo; wò ɖeɖe koe nye Mawu.


Hadzidzi. Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nukunuwo! Eƒe nuɖusi kple eƒe alɔ kɔkɔe la xɔ nɛ.


Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa