Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 72:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Elabena aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔa ɖeke meli na o la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 elabena aɖe hiãtɔ si le avi fam kple wɔmenɔ si xɔnametɔ aɖeke meli na o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 72:12
19 Mawu Ofanana  

Elabena fiã la aɖo to eƒe dɔlanyɔnu, eye wòaɖem tso ŋutsu, si be, yeatsrɔ̃ mía kple vinye ɖa le Mawu ƒe domenyinu nu la si me.


Elabena mexɔna na ame ɖahe, si le ɣli dom la, kple tsyɔ̃evi, si xɔnametɔa ɖeke meli na o la.


Ke etsɔa hiã ɖea hiãtɔwoe, eye wòtsɔa xaxa nua to na woe.


Wò Yehowa, èɖo to hiãtɔwo ƒe didi, èli ke woƒe dzi, eye nèƒu wò to anyi,


Yehowa agbugbɔ Zion atso, eye wòado le eƒe ŋutikɔkɔe me,


Elabena ekpɔ nu tso eƒe kɔkɔƒe kɔkɔe la, Yehowa do mo ɖe anyigba dzi tso dziƒo,


Ke nyea meyɔ Mawu, eye Yehowa xɔ nam.


Atso afia na dukɔ la ƒe hiãtɔwo, axɔ na ame daheviwo, eye wòato ŋutasẽla nyanyanya.


Ame dzɔdzɔe nyaa ame dahèwo ƒe nya me na wo, ke ame vɔ̃ɖi masea sidzedze gome o.


Eye megade ŋku de ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpa da, amesiwo woto de anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o; amesiwo te wo de anyi la, se ŋuta le wo ŋu, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o.


Ame dahewo kple hiãtɔwo, siwo le tsi dim, ke ɖeke meli o, eye woƒe aɖe ƒu le tsikɔwuame ta la, nye Yehowa makpe ɖe wo ŋu, nye Israel ƒe Mawu, nyemagblẽ wo ɖi o.


Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyuie afia ame dahewo, edɔm, bena mayɔ dɔ amesiwo ƒe dzi gbã,


Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Miheyi ɖagblɔ nusi miekpɔ kple nusi miese la, fia Yohanes bena: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm; tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.


Eye hiãtɔwo, fenyilawo kple amesiwo katã dome le vevem la, va kpe ta ɖe eŋu, eye wòzu woƒe tatɔ; amesiwo le eŋu la, woanɔ ame alafa ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa