Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 72:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Tarsis-fiawo kple ƒukpowo dzi fiawo atsa nunanawo vɛ, Saba-fiawo kple Seba-fiawo axe nudzɔdzɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Tarsis fia kple didiƒe ƒutatɔwo ahe adzɔ vɛ nɛ, eye Sieba kple Seba fiawo atsɔ nunanawo vɛ nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 72:10
19 Mawu Ofanana  

Kus viŋutsuwo nye: Seba, Xawila, Sabta, Rama kple Sabtexa; Raema viŋutsuwo nye Seba kple Dedan.


Esi Saba-fianyɔnu se, alesi Salomo ŋkɔ ɖi kpe ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti la, ehe adzo o owo ɖe asi, ne yeava adoe akpɔ.


Eye wotsɔ sika talento alafa ɖeka kple blave kple atike ʋeʋẽe geɖe ŋutɔ kpakple kpe xɔasiwo na fia la; womegatsɔ atike ʋeʋẽe vɛ wòsɔ gbɔ de esi Saba-fianyɔnu la na fia Salomo la nu kpɔ o.


Eva Yerusalem kple ha gã ŋutɔ kple kposɔ, siwo tsɔ atike ʋeʋẽe kple sika geɖe ŋutɔ kpakple kpe xɔasiwo, eye wòva Salomo gbɔ hegblɔ nya, siwo katã le eƒe dzi me la ne.


Wo dome amesiame hea nunanawo vɛ ƒeawo tsyo ƒe, siwo nye klosalonuwo, sikanuwo, awuwo, aʋawɔnuwo, atike ʋeʋẽe, sɔwo kple tedzisɔwo.


Elabena ʋu, siwo dea Tarsis, siwo me Xuram ƒe dɔlawo le la, le fia la si. Ʋuawo gbɔna tso Tarsis ƒe etɔ zi ɖeka, eye wohea klosalo kple sika, nyiɖu, kesewo kple atsaxewo vanɛ.


Fia Axasweros ɖo nuɖzɔɖzɔ na anyigba la kple atsiaƒu me ƒukpowo.


eye na fia la nadi wò tugbedzedze yome, elabena wò aƒetɔ wònye, eye nade ta agu nɛ!


Mawu, ɖo wò ŋusẽ te! Oo, Mawu, li ke nusi nèwɔ na mí la!


Le wò gbedoxɔ, si kɔ gbɔ Yerusalem ta, ŋuti fiawo atsɔ nunana va na wò.


Mi amesiwo toa atsiaƒu dzi, kple atsiaƒu me nuwo, mi ƒukpowo kple wo dzi nɔlawo, midzi ha yeye na Yehowa, miɖe gbe ƒã eƒe kafukafu tso anyigba ƒe mlɔenu!


Ɖeɖi mate eŋu o, eye eƒe lãme matu o, vaseɖe esime wòaɖo ɖoɖo la anyigba dzi, ƒukpowo le mɔ kpɔm na eƒe nufiame.


Elabena nye Yehowa enye wò Mawu, nye Israel ƒe kɔkɔetɔ la enye wò xɔnametɔ. Matso Egipte aƒle tawo, eye Kus kple Seba axɔ de tewòƒe.


Magblɔ na anyiehe be; Tsɔe ve! eye na dziehe be: Megasika ame di o! Kplɔ vinyeŋutsuwo tso didiƒe vɛ kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenu,


Ale Yehowa, Israel ƒe xɔnametɔ kple eƒe kɔkɔetɔ la gblɔ na amesi wodo vloe, amesi dukɔ la nyɔ ŋui, amesi nye dziɖulawo ƒe kluvi la, enye si; Fiawo akpɔe ahatso ɖe tsitrenu, eye amegãwo aɖe ta agu le Yehowa, amesi metrɔa ta me o la ta, le Israel ƒe kɔkɔetɔ, amesi tia wò la ta.


Anyigba dzi dukɔwo azɔ le wò kekeli nu kple fiawo le wò keklẽ ƒe dzedze nu.


Kposɔwo anyẽ atsyɔ wò bibibi kple kposɔviwo tso Midian kple Efa; wo katã woatso sika kple dzudzɔ ʋeʋẽedonu atso Seba vɛ, eye woaɖe gbe ƒã Yehowa ƒe kafukafu.


Nyee ƒukpowo le mɔ kpɔm na, eye Tarsis-ƒukpowo ɖo ŋgɔ, be woakplɔ viwòwo tso didiƒe vɛ; wohe woƒe klosalo kple sika ɖe asi hena Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ, hena Israel ƒe kɔkɔetɔ la, elabena eɖo atsyɔ̃ na wò.


Eye esi woyi ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria; tete wodze klo de ta agu nɛ, eye woʋu woƒe nuwo nu hetsɔ nunanawo, sika, kotoklobo kple lili nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa