Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 72:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Salomo tɔ. Mawu, tsɔ wò ʋɔnudɔdrɔ̃ na fia la kple wò dzɔdzɔenyenye na flavi la!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 O! Mawu, tsɔ wò afia nyui tsotso do na fia la, kple wò dzɔdzɔenyenye na fiavi la.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 72:1
14 Mawu Ofanana  

Israel ƒe Mawu la ƒo nu, Israel ƒe agakpe la gblɔ nam bena: Amesi ɖu amegbetɔwo dzi dzɔdzɔe kple amesi ɖu dzi le mawuvɔvɔ̃ me la,


Eye nunɔla Zadok tsɔ lãdzo, si me ami le la, tso agbadɔ la me hesi ami na Salomo, eye woku kpẽ; tete dukɔ blibo la do ɣli bena. Fia Salomo nenɔ agbe!


Eyata na dzi nyanu wò dɔla, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu wo dukɔ, eye wòaɖe vovo nyui kple vɔ̃ dome, elabena ameka ale ŋu adrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ gã sia?


Ale Dawid du fia ɖe Israel blibo la dzi, eye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple afiatsotso le esi na eƒe dukɔ blibo la.


Kpɔ ɖa, wole ŋutsuvia ɖe dzi ge na wò, amesi anye ŋutifafame, eye mana gbɔdzɔe le eƒe futɔwo katã si me godoo, elabena Salomo anye eƒe ŋkɔ, eye mana ŋutifafa kple gbɔɖeme Israel le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.


Eye na dzi blibo vinye Salomo, ne wòalé wò sewo, nufiafiawo kple ɖoɖowo me ɖe asi wòawɔ nuawo katã aɖe goe, eye woatu fiasã, si ŋu medzra nuawo ɖo ɖo la!


Eyata na nunya kple sidzedzem, ne mate ŋu ado adze dukɔ sia ŋgɔ, eye magagbɔ, elabena ameka ate ŋu aɖu fia ɖe dukɔ gã sia dzi?


Salomo ƒe mɔzɔha. Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroa etulawo le agbagba dzem le eŋu; ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la, dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ.


Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋu dede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze kple Yehowa vovo ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi.


Elabena amesi Mawu dɔ la, Mawu ƒe nyawo ŋuti wòƒoa nu lena; elabena mena Gbɔgbɔ la le dzidzenu nu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa