Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 71:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Nye aɖe hã aƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋu daa; elabena ŋukpe le amesiwo di nye dzɔgbevɔ̃e la, eye woƒe mo tsi dã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Nye aɖe agblɔ wò dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwo ŋkeke blibo la, elabena ŋukpe kple tɔtɔ va ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 71:24
13 Mawu Ofanana  

Nye aɖe aƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòakafu wò gbesiagbe.


Nunya le ame dzɔdzɔe la nu, eye eƒe aɖe gblɔa nya dzɔdzɔe.


Ŋu nekpe amesiwo le nye agbe yome tim la, eye woƒe mo netsi dã; amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e dim la, nete gbugbɔ ɖe megbe, eye ŋukpe nelé wo!


Ŋu nekpe amesiwo lé fu nye luʋɔ la, eye wo nu neyi; vlododo kple ŋukpe nenyẽ tsyɔ amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e dim la!


Nye nu axlẽ wò dzɔdzɔenyenye afia, kple wò xɔname hã ɣesiaɣi; elabena womele xexlẽ me nam o.


Nye nu me yɔ fũ kple wò kafukafu, nye ŋkekewo kple wò dodoɖedzi.


Ke ãkɔ nyea nye dzo ɖe dzi abe akpãgba tɔ ene, eye woakɔ ami yeye ɖe dzinye.


Ame nyui la ɖea nu nyuiwo doa go tsoa nunyuidzraɖoƒe la, eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖiwo doa go tsoa nuvɔ̃ɖidzraɖoƒe la.


Elabena ele ne be, wòaɖu fia, halase esime woatsɔ eƒe futɔwo katã ade eƒe afɔ te.


Migana nya vloa ɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la.


Mifia wo mia viwo, eye miƒo nu le wo ŋu, ne miebɔbɔ no miaƒe aƒewo me, alo miele mɔ dzi, ne miemlɔ anyi, alo miefɔ,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa