Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 71:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ekema nye hã matsɔ saŋku akafu wò le wò nyateƒe la ta, nye Mawu; maƒo gakasaŋku na wò, wò Israel ƒe kɔkɔetɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 O! Nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku le wò nuteƒewɔwɔ ta; madzi kafukafuha na wò kple gasaŋku, O! Israel ƒe Kɔkɔetɔ.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 71:22
26 Mawu Ofanana  

Ameka nedo vloe, eye ameka ŋu neɖu fewu le, ameka ta nèɖo ɣli ɖo, eve ameka ŋu nèfɔ mo dzi ɖo? Israel ƒe kɔkɔetɔ lae loo!


Made ta agu ɖe wò gbeɖoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ, eye makafu wò ŋkɔ le wò amenuveve kple wò nyateƒe la ta, elabena èna wò ŋugbedodo kɔ gbɔ wò ŋkɔwo katã ta.


Mawu, madzi ha yeye na wò, eye maƒo ha na wò le kasaŋku ka ewo tɔ dzi;


Yehowa ƒe toƒewo katã nye amenuveve kple nyateƒe na amesiame léa eƒe nubabla kple seawo me de asi.


Mikafu Yehowa kple kasaŋkuwo, eye miƒo saŋku ka ewo tɔ nɛ!


ne maɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui la kple nye dzidzɔseye ƒe Mawu la gbɔ, eye matsɔ saŋku akafu wò, Mawu, nye Mawu la!


Ne vɔvɔ̃ ɖom la, meɖoa ŋu ɖe ŋuwò.


Wole Mawu tetekpɔ dzi ɖaa, eye wodo dziku na Israel ƒe kɔkɔetɔ la.


Ezrax-vi Etan ƒe nufiameha.


Elabena weƒe ŋusẽ ƒe atsyɔ̃ nènye, eye míaƒe dzo kɔ de dzi to wò amenuveve me.


Eɖo ŋu eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ na Israel ƒe aƒe la Anyigba ƒe mlɔenuwo katã kpɔ mía Mawu, ƒe xɔname.


Mi anyigbawo katã, mitso aseye ɖe Yehowa ŋu, aseyetsotso neɖi le mia nu, eye midzi kafukafuha!


Midzi kafukafuha na Yehowa ɖe kasaŋku ŋu, ɖe kasaŋku kple ha ƒe ɖiɖi ŋu,


Zion-nɔla, kpɔ dzidzɔ, eye natso aseye, elabena Israel ƒe kɔkɔetɔ la tri akɔ le dowò me.


Elabena nye Yehowa enye wò Mawu, nye Israel ƒe kɔkɔetɔ la enye wò xɔnametɔ. Matso Egipte aƒle tawo, eye Kus kple Seba axɔ de tewòƒe.


Yehowa Zebaot anye gã le ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye Mawu kɔkɔe la akɔ eɖokui ŋu le dzɔdzɔenyenye me.


Amesiwo noa gbɔgblɔm bena: Newɔ kabakaba, neƒo du ɖe eƒe dɔ nu, ne míakpɔe; eye Israel ƒe kɔkɔetɔ la ƒe adaŋudede nete va, ne miadze sii.


Eyata woƒe ke azu nu nyunyɔ abe ahɔ̃liti takpoe, si dzo ƒe aɖe fiã, kple gbe ƒuƒu, si nye afi ɖe dzo me la ene, eye woƒe seƒoƒo ami ya abe ʋuʋudedi ene, elabena wogbe Yehowa Zebaot ƒe nufiame, eye woɖe alɔme le Israel ƒe kɔkɔeto la ƒe nyawo ŋu.


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Nyee ƒukpowo le mɔ kpɔm na, eye Tarsis-ƒukpowo ɖo ŋgɔ, be woakplɔ viwòwo tso didiƒe vɛ; wohe woƒe klosalo kple sika ɖe asi hena Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ, hena Israel ƒe kɔkɔetɔ la, elabena eɖo atsyɔ̃ na wò.


Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àve Abraham nu, abe alesi nèka atam na mía fofowo tso blema ŋɔli ke ene.


Elabena mele egblɔm bena, Yesu Kristo zu subɔla na aʋatsotso le Mawu ƒe nyateƒe ŋuti, bene wòali ke ŋugbedodo, siwo wodo na fofoawo la;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa