Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 71:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Wò amesi na míekpɔ hiã kple dzɔgbevɔ̃e geɖe la, wò kee agbɔ agbe mí, eye nahe mí tso anyigbatu me ke ava dzii.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Togbɔ be èna mekpɔ xaxa geɖe kple vevesese hã la, àgaɖo nye agbe te, eye àva kplɔm ado goe tso anyigba ƒe tume ke.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 71:20
26 Mawu Ofanana  

Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana dzɔgbevɔ̃e natso aƒewò me ava dziwò, eye maxɔ srɔ̃wòwo le ŋkuwò me atsɔ na xɔ̃wòvi, eye wòadɔ srɔ̃wòwo gbɔ le ŋdɔkutsu dzatsɛ.


Nye luʋɔ le ɖe anyigba ŋu, gbɔ agbem le wò nya la nu.


Ne mele zɔzɔm le xaxa me la, àgbɔ agbem; àdo wò asi ɖa ɖe nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu, eye wò nuɖusi axɔ nam.


Elabena màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe si me o, eye màlɔ be, wò mawumeme la nakpɔ yɔdo o.


Mawu, ègbe mí, èkaka mí hlẽ èdo dɔmedzoe; gatrɔ mí gbɔe!


Ena nu sesẽ kpe wò dukɔ la, eye néna wein mí míeno mu.


Wò asi nenɔ wò nuɖusi ƒe ame kple amegbetɔvi, si dzi nèkpɔ wòtsi la ŋu,


Ɖe ànɔ dɔmedzoe dom ɖe mía ŋu ɖikaa, eye nanɔ wò dziku didim ɖe nu tso dzidzime yi dzidzimea?


Elabena wò amenuveve sɔ gbɔ ɖe dzinye, eye nèɖe nye luʋɔ tso keke tsiẽƒe ʋi ke.


Eya si me anyigba ƒe globoƒewo le, eye etɔe nye towo ƒe tsutsuẽƒe;


Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye nye ame kukuwo afɔ ɖe tsitre! Minyɔ, mi ketu me tɔwo, eye mitso aseye, elabena miaƒe zãmu enye kekeli ƒe zãmu, eye anyigba aɖe ŋɔliwo ana.


Kpɔ ɖa, veve zu xɔname nam, ètsɔ lɔlɔ̃ he nye luʋɔ tso gbegblẽ ƒe do me, elabena ètsɔ nye nuvɔ̃wo katã ƒu gbe ɖe megbewò.


Tsiwo ɖe to ɖem de keke nye luʋɔ gbɔ; tɔ gɔme le ŋunye godoo, eye avawo xatsa ɖe ta nam.


Eye le gaƒoƒo asiekelia dzi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe bena: Eli, eli, lama sabaxtani? Esi, ne woɖe egɔme la, enye: Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã?


Eya ke Mawu fɔ ɖe tsitre, esi wòtsi ku ƒe vevewo nu, le esi mete ŋu lée ɖe anyi o la ta.


Ke esi wòyi dzi la, nukae, negbe ɖeko bena wòyi anyi me ɖe anyigba ƒe nutowo me hã hafi?


Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.


Yehowa wua ame, eye eya ke gbɔa agbe ame, edea ame tsiẽ, eye wògahea ame ɖoa goe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa