Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 71:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eyata, Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime meɖe gbe ƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 O! Mawu, ne metsi, ƒo wɔ hã la, mègagblẽm ɖi o, va se ɖe esime maɖe gbeƒã wò ŋusẽ na dzidzime si ava dzɔ kple wò ŋusẽ na ame siwo woava dzi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 71:18
16 Mawu Ofanana  

Esi Isak ku amegã ɖeɖi, eye eƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, ale be megale nu kpɔm o la, eya via xoxoetɔ Esau gblɔ nɛ bena: Vinye! Eɖo ŋu nɛ bena: Nyee nye si.


Dzidzimeviwo asubɔe, eye megbeviwo axlẽ nya afia le Yehowa ŋu.


Milé ŋku de eƒe agbogbowo ŋu, eye mito eƒe fiasãwo me, ne miaxlẽe afia megbeviwo!


Megagbem le amegãkuɣi o, eye ne nye ŋusẽ nu yi la, megagblẽm ɖi o!


míaɣlae de wo viwo o, eye míaxlẽ Yehowa ƒe ŋkɔxɔxɔ kple eƒe ŋusẽ kpakple nukunu, siwo wòwɔ la, afia megbeviwo.


ne woƒe ƒome megbetɔwo, ɖevi, siwo dzi ge woala la, nanyae, eye woatso ɖe tsitre axlẽe afia wo viwo,


Gbemagbe naxlẽe afia viwòŋutsuwo bena: Ale Yehowa wɔ nam, esime meʋu tso Egipte.


Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã; matsɔ mi ado agbae ɖe ɖokuinye dzi, eye maɖe mi.


Nyɔ, Yehowa ƒe alɔ, nyɔ, eye nata ŋusẽ! Nyɔ abe le tsã ŋkekewo me ene, abe le blema ƒomeawo ŋɔli ene. Ɖe menye wòe fũ Raxab, eye nèƒo nu ɖe boso la oa?


Amekae xɔ nya, siwo wogblɔ na mí la dzi se, eye ameka ŋue Yehowa ƒe alɔ ɖe eɖokui fia ɖo?


Elabena Dawid, esi wòsubɔ Mawu ƒe tameɖoɖo le ye ŋutɔ ŋɔli la, edɔ alɔ̃; eye wotsɔe mlɔ fofoawo gbɔ, eye wòkpɔ nyunyɔ;


Eli xɔ ƒe blaasieke vɔ enyi, eye eƒe ŋkuwo tsi, megate ŋu le nu kpɔm o.


Esi wose Mawu ƒe aɖaka ŋkɔ la, emũ tso eƒe zikpui dzi ŋedze ɖe agbo la nu, eye wòtɔ kɔ heku; elabena ame tsitsi wònye, eye kpekpe le eŋu. Edrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blane sɔŋ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa