Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 71:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Yehowa, wòe mesi tso, megana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 O! Yehowa, mewòe mebe ɖo, mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 71:1
11 Mawu Ofanana  

Eɖo ŋu ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, eye etɔgbea ɖeke mena Yuda-fia, siwo katã dze eyome alo do ŋgɔ nɛ la dome o.


Mawu kpe ɖe wo ŋu, ale be Hagritɔwo kple amesiwo katã kpe ɖe wo ŋu la, ge ɖewo si me; elabena wodo ɣli yɔ Mawu le aʋa la me, eye wòɖo to wo, le esi woɖo ŋu ɖe eŋu ta.


Mɔzɔha. Amesiwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, le abe Zion-to, si meʋana o, eye wòli tegbee la ene.


Woayra amesi Yakob ƒe Mawu la nye xɔname na, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi;


Ŋuwò mía fofowo ɖo ŋu ɖo, ŋuwò woɖo ŋu ɖo, eye nèxɔ na wo.


Yehowa atso xɔname mavɔ aɖe Israel; ŋukpe kple vlododo malé mi tegbetegbe akpɔ o.


Ŋu nekpe yonyemetilawo, ke nye la, ŋu megakpem o, dzi neɖe le wo ƒo, ke dzi megaɖe le nye ya ƒo o. He dzɔgbevɔ̃eɣi va wo dzi, eye nagbã wo gudugudu agagbã wo ɖe dzi!


abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Kpɔ ɖa, meɖo nukikli ƒe kpe kple nuɖiaɖia ƒe agakpe anyi ɖe Zion, eye amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“


Eyata wòle ŋɔŋlɔ la me bena: „Kpɔ ɖa, meɖo dzogoedzikpe tiatia xɔasi anyi ɖe Zion, eye amesi ke xɔ edzi se la, ŋu mele ekpe ge o.“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa