Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 7:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Dukɔwo ƒe amehawo ɖe to ɖe wò, to wo dzi nagbugbɔ ayi dziƒo!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 na be Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la. O! Yehowa, tso afia nam le nye dzɔdzɔenyenye ta, O! Dziƒoʋĩtɔ, tso afia nam le nye nuteƒewɔwɔ ta.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 7:8
23 Mawu Ofanana  

Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?


Abraham ƒe Mawu, Naxor ƒe Mawu kple wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la anye ʋɔnudrɔ̃la le mía kpli wò dome. Eye Yakob tsɔ amesi fofoa Isak vɔ̃na la, ka atam.


Mia Mawu, madrɔ̃ ʋɔnu wo oa? Elabena ŋusẽa ɖeke mele mía ŋu ɖe ameha gbogbo sia, si ho ɖe mía ŋu la ŋuti o. Mienya nuka wɔ ge míala o, negbe ŋuwò ko míaƒe ŋku le.


Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, Yehowa, amesi ƒe fiazikpui le dziƒo la, ƒe ŋkuwo le ekpɔm, eƒe aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna.


Fɔmaɖimaɖi kple dzadzɛnyenye nakpɔ tanye, elabena mele mɔ kpɔm na wò.


Dawid tɔ. Tso afia nam, Yehowa, elabena fɔɖiɖi mele nye zɔzɔme ŋu o, eye meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã o!


Ke nyea mazɔ fɔmaɖitɔe; ɖem, eye nave nunye!


Esia me menyae le be, nye nu nyea ŋuwò, ne nye futɔ magatso aseye ɖe ŋunye o.


Tso afia nam, Mawu, eye nawɔ nye dzre kple dukɔ malɔ̃ame la nam; ɖem tso alakpatɔ kple ame vlo la si me!


Ekpɔ wo dzi le eƒe dzi dzɔdzoe nu, eye wòtsɔ asi dzeaɖaŋu kplɔ woe.


Asaf ƒe ha. Mawu tsi tre ɖe Mawu ƒe ha la me, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu le mawuwo dome.


Ke Yehowa li tegbee, eye wodo eƒe fiazikpui anyi gli de ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu.


le Yehowa ŋku me: elabena egbɔna, egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba; adrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eƒe nyateƒe nu.


le Yehowa ŋku me, elabena egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba! Aɖrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eteƒe.


Ame dahe, si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, nyo wu amesi alakpa le eƒe nuƒoƒo me, eye wonye bometsila.


elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsua ɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


Miawoe nye ɖaseɖilawo kple Mawu hã, alesi mieno anyi kɔkɔe kple dzɔdzɔe kple mokaka manɔŋui le mi amesiwo xɔe se la gbɔ,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa