Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 7:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 ekema futɔ neti yonyeme, eye wòatum, nefanyam ɖe anyigba, eye wòate nye bubu ɖe ke me! Sela.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 O! Yehowa, tso, le wò dziku me; tso ɖe nye futɔwo ƒe nyanyra ŋuti. Nyɔ, nye Mawu, ne nàɖo ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ anyi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 7:6
21 Mawu Ofanana  

Tete Absalom kple Israel-ŋutsuwo katã gblɔ bena: Xusai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Axitofel ƒe aɖaŋu! Ke Yehowae ɖoe, be yeagblẽ Axitofel ƒe aɖaŋu nyui la me; elabena Yehowa be, yeahe dzɔgbevɔ̃e ava Absalom dzi.


Yehowa wɔa nu dzɔdzɔe, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu na amesiwo katã wote ɖe anyi la.


amesiwo gblɔna be: Míaƒe aɖewo doa ŋusẽ mí, míaƒe nuyiwo li kpli mí, ameka nye aƒetɔ de mía nu?


Ne mele zɔzɔm le xaxa me la, àgbɔ agbem; àdo wò asi ɖa ɖe nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu, eye wò nuɖusi axɔ nam.


Elabena futɔ la ti yonyeme, exlã nye agbe ɖe anyi, eye wòdem viviti me abe amesiwo ku xoxoxo ene.


Ame akpe nane, siwo ho ɖe to ɖem goɖoo la, mele ŋɔ dzim nam o.


Dawid tɔ. Yehowa, wɔ avu kple amesiwo le avu wɔm kplim, wɔ aʋa kple amesiwo le aʋa wɔm kplim!


Mawunye kple Aƒetɔnye, nyɔ, eye nana ŋute ɖe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nye nya ŋu!


Elabena tawò wole mía wum atraɖi ɖaa, eye wobua mí abe alẽ, siwo wu ge woala la ene.


Elabena míaƒe luʋɔ bɔbɔ vaseɖe ke me ke, eye míaƒe ƒodo lé ɖe anyigba ŋu.


Menye vodada ŋuti wole du dzi, eye wodzra ɖo ɖi ɖo o. Nyɔ, nava kpem, eye kpɔ nya la me!


Aƒetɔ, ne ènyɔ la, àdo vlo woƒe nɔnɔme abe drɔ̃ekuku le nyɔnyɔ megbe ene.


De wò afɔ yi gli gbagbã ɖikaɖikawo gbɔ! Futɔ la gblẽ nuwo katã le kɔkɔeƒe la.


Tete Aƒetɔ la nyɔ abe alɔ̃dɔla ene, abe kɔlẽtɔ, si wein na wòle aseye tsom ene,


Yehowa tso, be yeahe nya, etsi tre ɖi va, be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo.


Yehowa be: Azɔ matso, azɔ matsi tre, azɔ matso ɖe afa dzi.


Azɔ Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso esi me, ne anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nadze sii be, wò ɖeɖe koe nye Yehowa.


Nyɔ, Yehowa ƒe alɔ, nyɔ, eye nata ŋusẽ! Nyɔ abe le tsã ŋkekewo me ene, abe le blema ƒomeawo ŋɔli ene. Ɖe menye wòe fũ Raxab, eye nèƒo nu ɖe boso la oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa