11 Nye akpoxɔnu le Mawu si, eya xɔna na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la.
11 Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe, Mawu si ɖea eƒe dɔmedzoe fiana gbe sia gbe.
Dziƒowo ɖe gbe ƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, elabena Mawu enye ʋɔnudrɔ̃la.
Dukɔwo ƒe amehawo ɖe to ɖe wò, to wo dzi nagbugbɔ ayi dziƒo!
Elabena ʋɔnuɖɔɖrɔ̃ agatrɔ ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye amesiwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka la, aku ɖe eŋu.
Mawu: ŋuʋãla kple hlɔ̃biala enye Yehowa; Yehowa biaa hlɔ̃, eye dzl kunɛ vevie; Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe ketɔwo, eye wòléa nya ɖe dɔ me na eƒe futɔwo.
Ameka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu, eye ameka ato ɖe eƒe dɔmedzoe heliheli nu? Etrɔ eƒe dziku ƒo ɖi abe dzo ene, eye agakpewo le wowom le eŋgɔ.