Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 7:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso, eye nali ke ame dzɔdzɔe la; elabena wò, Mawu dzɔdzɔe la, édzroa dziwo kple ayikuwo me kpɔna.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Nye akpoxɔnue nye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la, ame si ɖea ame si dza le eƒe dzi me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 7:10
15 Mawu Ofanana  

Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.


Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wonya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.


ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye natsɔe ake, eye naɖo eteƒe na amesiame le eƒe zɔzɔmewo katã nu, abe alesi nènya eƒe dzii ene, elabena wò ɖeka koe nya amegbetɔviwo ƒe dzi,


ne èdza, eye nèwɔ nu dzɔdzɔe la, ekema adzɔ ŋuwò, eye wòagaɖɔ wò dzɔdzɔenyenye ƒe nɔƒe la ɖo.


Ŋusẽ anɔ viawo ŋu le anyigba dzi, eye woayra dzime dzɔdzɔe tɔwo ƒe ƒome.


Yehowa, wɔ nyuie na ame nyuiwo kple dzime dzɔdzɔe tɔwo.


Ame geɖewo le gbɔgblɔm le ŋunye be: Xɔnamea ɖeke mele Mawu gbɔ nɛ o! Sela.


Elabena ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ eme vɔ̃ɖiwo ƒe agbaɖɔ me.


Elabena weƒe ŋusẽ ƒe atsyɔ̃ nènye, eye míaƒe dzo kɔ de dzi to wò amenuveve me.


Amesiwo si alakpadzi le la, ŋunyɔ wònye na Yehowa; ke amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la, ƒe nu nyea eŋu.


Elabena nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame madifɔwo asusɔ de edzi;


Amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, woakpe ɖe eŋu; ke amesi toa mɔ gɔglɔ̃ dzi la, adze anyi zi ɖeka


Ke wò Yehowa Zebaot, amesi drɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe, eye nèdoa ayikuwo kple dziwo kpɔna la, na makpɔ wò hlɔ̃biabiawo ɖe wo ŋu, elabena asiwò me metsɔ nye nya ɖee.


Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye meɖoa ayikuwo me kpɔna; maɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa