Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye, wodo vloe abe amesi ta wotsyɔ nu ŋku me ɖo la ene, eye míebui ɖe naneke me o.
Esi nɔvia xoxoetɔ Eliab se, alesi wòle nu ƒom kple ameawo la, dzi ku Eliab ɖe Dawid ŋu wògblɔ bena: Nuka wɔ ge nèva, eye ameka si netsɔ alẽ ʋee mawo ɖee le gbeadzi? Menya dàda kple vovlo, si le wò dzi me, elabena aʋa teƒe kpɔ ge nèva!