34 Elabena Yehowa ɖoa to ame dahewo, eye medoa vlo eƒe gatɔwo o.
34 Dziƒo kple anyigba nekafui, atsiaƒuwo kple nu siwo katã ʋãna le wo me,
Tete Mawu gblɔ bena: Nu gbagbewo neƒu tsi le tsia me, eye xe dzodzoewo nedzo le ya me le dziƒolilia ƒe ŋku me.
atrɔ ɖe ame ɖeƒeƒlewo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kukuɖeɖe o.
Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa! Mikafu Yehowa!
Dziƒo akpɔ dzidzɔ, anyigba atso aseye, eye atsiaƒu kple eme nuwo aɖe gbe;
Mi dziƒowo, mitso aseye, anyigba, kpo dzidzɔ, eye mi towo, mido aƒa; elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòkpɔ nublanui na eƒe hiãtɔwo.
Elabena miaʋu adzo kple dzidzɔ, eye woaɖo mi ɖa le ŋutifafa me. Towo kple togbɛwo atso aseye le mia ŋgɔ, eye gbemetiwo katã aƒu akpe.