Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 69:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 De ƒe agbi mim, afɔɖoƒe meli o, mege ɖe tɔ ƒe gogloƒe, eye tsi ɖɔ va to dzinye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Medo ɣli be woaxɔ nam, ale nu ti kɔ nam, eye nye ve me hã ƒu kplakplakpla. Mekpɔ mɔ na Mawu ʋuu, eye ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 69:3
18 Mawu Ofanana  

Nu ati kɔ na ame vlowo ƒe ŋkuwo, sitsoƒewo katã abu ɖe wo, eye woƒe mɔkpɔkpɔ la luʋɔ ƒe ƒuƒue.


Mefa avi, nye mo ɖo ʋusrã, eye ku ƒe vɔvɔli le nye aɖabawo dzi,


Nu te nye ŋkuwo ŋu le wò xɔname kple wò ŋugbedodo dzɔdzɔe la ŋuti.


Nu te nye ŋkuwo ŋu le wò ŋugbedodo didi me be: Ɣe kaɣi nafa akɔ nam?


Woƒom ɖe anyi abe tsi ene, nye ƒuwo katã dudu; nye dzi zu abe anyigba ene helólo ɖe dɔ me nam.


Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi? Nye hũɖeɖe ƒe nyawo metsɔ ɖe nye xɔname gbɔ o.


Fɔmaɖimaɖi kple dzadzɛnyenye nakpɔ tanye, elabena mele mɔ kpɔm na wò.


Vavã, amegbetɔ le yiyim abe vɔvɔli ene, eye ƒuƒu ŋu ko wòle zi dom ɖo; eli kɔ nu gleglegle, ke menya ameka si me wole yiyi ge ɖe o.


Ehem tso gbegblẽ ƒe do la me, eye wòɖem le ba finyafinya me, etsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi, eye wòli ke nye afɔɖeɖewo,


Elabena ŋkuɖoɖo dziwò meli le ku me o, eye ameka akafu wò le tsiẽƒe!


Vlododo gba nye dzi, eye wode dɔlã me nam; mekpɔ mɔ na babadoname, ke dzodzroa, eye na akɔfalawo, gake nyemekpɔ ɖeke o.


Etsɔm ɖe aʋli me ƒe do kple viviti me kpakple atsiaƒu ƒe gogloƒe.


Mele fafàm abe sagbadre kple tsãlɛ ene, eye mele xɔxlɔ̃m abe ahɔne ene; nye ŋkuwò le dzi kpam nu te wo ŋu; Yehowa, meɖo xaxa me, xɔ nya ɖe nunye!


Nye ŋkuwo la aɖatsi wòti kɔ na wo, nye dɔkaviwo ʋu dzo hẽ, eye nye aklã wó ɖe dɔ me nam le nye dukɔ ƒe nyɔnu ƒe anyidzedze la, esime nu te ɖeviwo kple vidziewo ŋu le ɖua ƒe kpɔdomeewo.


Esia megbe la, esi Yesu nyae bena, wowu nuwo katã nu azɔ, bena ŋɔŋlɔ la nava ve me la, egblɔ bena: Tsikɔ le wuyem!


Woatsɔ viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo na dukɔ bubuwo, wò ŋkuwo akpɔe, eye woano dzrowòm ŋkeke blibo la katã, gake womelé wò ŋusẽ te o.


Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa