29 Woatutu wo ɖa le agbalẽ la me, eye womegaŋlɔ wo kpe de ame dzɔdzɔewo ŋu o!
29 Mele vevesese kple nuxaxa me; O! Mawu, na wò xɔname natɔ kpɔ ƒo xlãm.
Elabena hiãkpela kple ame dahe menye, eye nye dzi xɔ abi ɖe dɔme nam.
Elabena ele tsitre ɖe ame dahe la ƒe nuɖusi me, ne yeaxɔe tso amesiwo le fɔ bumee la si me.
Mawu, amesi bia hlɔ̃ nam, eye wo nya dukɔwo de tenye;
Dawid ƒe ha na henɔ la.
Amesiwo katã dia wò la, ƒe dzeme nekɔ, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò! Amesiwo dia wò xɔname la, nenɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Yehowa lolo!
Megagblẽ nu o! Dawid ƒe ɖe futamee na henɔ la, le esime Saul dɔ be, woadze aƒea ŋu, ne woawui.
Amesiwo katã dia wò la, ƒe dzeme nekɔ, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò; eye amesiwo lɔ̃a wò xɔname le, nenɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Mawu lolo!
Yehowa ɖo ŋu na Mose bena: Amesi wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye la, eya ƒe ŋkɔ matutu ɖa le nye agbalẽ me.
Wò Yehowa, Israel ƒe nukpɔkpɔ, amesiwo katã gblẽ wò ɖi la ŋu akpe wo! Woaŋlɔ amesiwo ɖe megbe le ŋuwò la ƒe ŋkɔ ɖe kewɔ me; elabena wogblẽ Yehowa, tsi gbagbe vudo la ɖi!
Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo hã kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.
Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.