Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 69:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Tsɔ fɔɖiɖi ƒu fɔɖiɖi dzi na wo, eye megana woade wò dzɔdzɔenyenye la gbɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Tutu woƒe ŋkɔwo ɖa le agbegbalẽ la me, eye mègana woaŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe ame dzɔdzɔewo dome o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 69:28
12 Mawu Ofanana  

Eye ava me be, woayɔ amesiwo kpɔtɔ ɖe Zion kple amesiwo tsi Yerusalem, amesiame, si ŋko woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem la be kɔkɔewo,


ale be amesi ayra eɖokui le anyigba dzi la, atsɔ Mawu nyateƒetɔ la ayra eɖokui, eye amesi ata nu le anyigba dzi la, ata Mawu nyateƒetɔ la, elabena ŋku dzo le gbaɖegbe xaxawo dzi, elabena woɣla ɖe nye ŋkuwò.


Nye asi ava nyagblɔɖila, siwo kpɔa nu dzodzroa, eye wogblɔa alakpanya ɖi la dzi: womanɔ nye dukɔ ƒe ha me o, womaŋlɔ wo ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe agbalẽ me o, eye womade Israel-nyigba dzi o, ne wòadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.


Eye wògblɔ bena: Tsɔ ŋkɔ nɛ be „Manyenyedukɔe“, elabena menye nye dukɔ mienye o, eye nye hã nyemanye mia lɔ o.


Gake migakpɔ dzidzɔ bena, gbɔgbɔawo ɖoa to mi o; ke mikpɔ dzidzɔ bena, woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖi le dziƒowo.


Ẽ, mele kuku dem na wò hã, hanyedɔwɔla vevi, bena naxɔ na nyɔnu siawo; elabena wodze agbagba le nyanyuie la la hekpe ɖe mía kple Klemens kpakple hanyedɔwɔla susɔeawo, amesiwo, ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la ŋuti.


kple ŋgɔgbevi, siwo ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame kple ʋɔnudrɔ̃la, si nye wo katã ƒe Mawu kple ame dzɔdzɔe, siwo wowɔ blibo la, ƒe gbɔgbɔwo,


Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe.


eye ne amea ɖe aɖe nane le agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me la, ekema Mawu aɖe eƒe gome atso agbeti la kple du kɔkɔe, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me.


Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa