Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 69:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Elabena wole amesi nèƒo la, yome tim, eye amesi ŋu nède abi la, ƒe vevesesewo ŋu wole nu ƒom le.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Bu fɔ wo, eye nàgabu fɔ wo ɖe edzi; mègana woakpɔ gome le wò xɔname me o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 69:27
23 Mawu Ofanana  

Tete míaƒe futɔwo gblɔ bena; Womegadze sii o, eye womegakpɔ mi o, vaseɖe esime míaɖo wo dome, eye míawu wo ahana dɔ la nu natso.


Nukaŋuti miele yonyeme tim abe Mawu ene, eye nye ŋutilã meɖi ƒo na mi kpɔ oa?


Woaɖo ŋu fofoawo ƒe vodada le Yehowa gbɔ, eye womegatutu dada ƒe nuvɔwo ɖa o;


eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ kple dzɔdzɔenyenye tso eƒe xɔname ƒe Mawu la gbɔ.


Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o, eye Israel melɔ̃ edzi nam o.


Eye afakalawo gblɔ na Farao bena: Esia la Mawu ƒe asibidee! Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Eye Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose ene.


Ne wòve ame vɔ̃ɖi nu la, mesrɔ̃a dzɔdzɔenyenye o, ke boŋ ewɔa nu vɔ̃ɖi le anyigba dzɔdzɔe dzi, eye meléa ŋku ɖe Yehowa ƒe gãnyenye ŋu o.


Mawɔe woazu afutime; womaɖe eŋu o, eye womaga eme o, ke boŋ aŋɔkawo kple ŋuwò amie ɖe eme; eye made se na alilikpowo be, womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.


Ke eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo, eye wòɖe ta miaƒe vevesesewo te; evɔ wònye míawo míebui abe amesi wohe to na, amesi Mawu ƒo, eye wòwɔ funyafunyae ene hafi.


Eye mia dometɔ kpɔtɔeawo atsrɔ̃ ɖe woƒe vodadawo me, le woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, eye woatsrɔ̃ le wo fofowo ƒe vodadawo ta abe woawo ke ene.


Eye esi wòkpɔ gbotia ɖe le ma to la, ete ɖe eŋuti, ke mekpɔ naneke le edzi o, negbe aŋgbawo ko, eye wògblɔ nɛ bena: Tso esia dzi yina la megale tsetse ge halase tegbetegbe o. Eye enumake gboti la yrɔ sũ.


Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


Eyata azɔ la ekpɔa nublanui na amesi ke wòlɔ̃na be, yeakpɔ nublanui na, eye wòsẽa dzime na amesi ke wòlɔ̃na be, yeasẽ dzime na.


ke Ismael, si nɔ dzɔdzɔenyenye ƒe se la yome la, ƒe asi mesu dzɔdzɔenyenye ƒe se la dzi o.


Aleksandro, akɔblitula, wɔ vɔ̃ geɖe ɖe ŋunye; Aƒetɔ la aɖo eteƒe ne le eƒe nuwɔnawo nu;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa