Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 69:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Woƒe agbletawo nezu aƒedo, eye amea ɖeke meganɔ woƒe agbadɔwo me o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Elabena woti ame siwo ŋu nède abii la yome, eye wole nu ƒom le ame siwo nèwɔ nuvevii la ƒe vevesese ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 69:26
10 Mawu Ofanana  

Ke Yehowa ƒe nyagblɔɖilaa ɖe le afima, si ŋkɔ nye Obed. Eya eyi ɖakpe aʋakɔ, si va Samaria, eye wògblɔ na wo bena: Kpɔ ɖa, Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, do dɔmedzoe ɖe Yuda ŋu, eye wòtsɔ wo de asi na mi; miaƒe adãwɔwɔ yi ɖale keke dziƒo, eye miewu amewo le wo dome.


Wogblẽa nye toƒe, eye wo, amesiwo xɔnamelɔa ɖeke meli na o la, kpea asi ɖe nye dzɔgbevɔ̃e ŋu.


Elabena meɖo ŋku dɔmenyowɔwɔ dzi o, ke boŋ eli hiãtɔ kple ame dahe kpakple amesi ƒe dzi le nu xam la yome be, yeawui.


Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.


Ke eyae tsɔ míaƒe dɔlélewo, eye wòɖe ta miaƒe vevesesewo te; evɔ wònye míawo míebui abe amesi wohe to na, amesi Mawu ƒo, eye wòwɔ funyafunyae ene hafi.


eye dzi akum vevie ɖe dukɔ dadalawo ŋu; elabena esi dɔ me nya vem vie ko la, woawo kpe asi ɖe eŋu hetrɔ gbegblẽ la ɖo.


Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


amesiwo hã wu Aƒetɔ Yesu kple woa ŋutɔwo ƒe nyagblɔɖilawo, eye woti mía yome, eye womedzea Mawu ŋu o, eye wonye amewo katã ƒe adikãtɔwo,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa