Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 69:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Woƒe mo netsyɔ zi, ne womagakpɔ nu o, eye na woƒe ali nanɔ ʋaʋãm tegbee!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Trɔ wò dziku kɔ ɖe wo dzi, eye nàna wò dɔmedzoe helĩhelĩ nalé wo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 69:24
14 Mawu Ofanana  

Trɔ wò dziku heliheli la kɔ ɖe dukɔ, siwo menya wò o, kpakple fiaɖuƒe, siwo meyɔ wò ŋkɔ o la dzi!


Ɣemaɣi la Edom-fiawo ɖi vo, Moab-megãwo dzo nyanyanya, eye dzika tso Kanaanitɔwo katã ƒo.


Dzidzi ƒo wo, nutsoame kple veve lé wo, eye wole ku lém abe nyɔnu dzivi ene; wofa ŋku ɖe wo nɔewo dzi gã, eve woƒe mo le vem hẽ!


Yuda-amegãwo zu abe amesiwo ŋea liƒo ɖe eme la ene, matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi abe tɔɖɔɖɔ ene.


Ke nye gbe kple nye fameɖoɖo, siwo meɖe asi na nye dɔla nyagblɔɖilawo la, ɖe womeva mia fofowo dzi, ale be woyi ta me hegblɔ bena: Alesi Yehowa Zebaot ɖo be, yeawɔ mi ɖe miaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenema wòwɔ mi oa?


Elabena ŋkeke siawo nye hlɔ̃biabiaŋkekewo, bena woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖi la nu.


Eye mado dɔmedzoe ɖewo ŋu ɣemaɣi, magblẽ wo ɖi, eye maɣla nye ŋku me ɖe wo, be woatsrɔ̃ wo, dzɔgbevɔ̃e kple hiã geɖe ava wo dzi; tete woagblɔ le ɣemaɣi bena: Menye esi Yehowa mele mia dome o la, vɔ̃ sia va mia dzi ɖo oa?


Eye mese gbe gãa ɖe tso gbedoxɔa me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo bena: Miheyi, ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekpluawo akɔ ɖe anyigba dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa