2 Mawu, xa nam, elabena tsi de nye luʋɔ gbɔ!
2 Meɖo ba yi ɖe tome ke, afi si afɔɖoƒe mele o. Meɖo tɔ goglowo me; tsi ɖɔ to tanye.
Mèle viviti kple tsiɖɔɖɔ, si nyè tsyɔ dziwò la, kpɔm oa?
Eyata mawumemewo ado gbe ɖa na wò le kpɔwòɣi, ẽ, ne tɔ gawo ɖɔ hã la, womade wo gbɔ o.
Mele mɔ kpɔm na Yehowa kakaka, eziɔ to ɖe ŋunye, eye wòsa nye ɣlidodo.
Kpɔ ɖa, woakplɔ nyɔnu, siwo katã kpɔtɔ ɖe Yuda-fia ƒe me la, ayi Babel-fia ƒe amegãwo gbɔe, eye woanɔ gbɔgblɔm bena: Xɔ̃wòwo flu wò, eye wokpe le dziwò, eye esi wò afɔ ɖo ba la, woka le ŋuwò.“
Tete wotsɔ Yeremya ɖe fiavi Malxiya ƒe vudo, si le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la me, eye wotsɔ atagbi ɖiɖi Yeremya ɖe eme; ke tsi mele vudoa me o, negbe ba ko, eye Yeremya ɖo to ɖe ba la me.
Tsiwo ɖe to ɖem de keke nye luʋɔ gbɔ; tɔ gɔme le ŋunye godoo, eye avawo xatsa ɖe ta nam.
eye tsi dzana, eye tɔwo ɖɔna, eye yawo ƒona, eye wova nyea zi le nenem xɔ ma te, eye memuna o; elabena woɖo egɔme anyi ɖe kpe gbadza dzi.