Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 69:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ɖo tom, Yehowa, elabena wò amenuveve la nyo; le wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la nu trɔ ɖe ŋunye!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Mègaɣla wò mo ɖe wò dɔla o; ke boŋ tɔ nam kaba, elabena meɖo xaxa me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 69:17
14 Mawu Ofanana  

Nukaŋuti mẽtsɔ nye dzidadawo ke o, eye mèna nye vodadawo nu yi o? Elabena azɔ mele ke me mlɔ ge, eye ne èdim la, nyemaganɔ anyi o.


Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nye ɣli nede gbɔwò!


Dawid ƒe ha na henɔ la.


Yehowa, netsɔ naɖo tom, nu te nye gbɔgbɔ ŋu, megaɣla wo ŋku me ɖem, ne maɖi amesiwo yi aʋli me la o.


Yehowa, ɖem tso nye futɔwo si me, elabena gbɔwò mebe ɖo.


Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa la, mikafui! Mi Yakob-ƒomeawo katã, mibui! Mi Israel-ƒomeawo katã, misi eƒe ŋku me!


Megaɣla wò ŋku me ɖem o! Megatutu wò dɔla ɖa le dɔmedzoe me o! Wòe nye nye xɔname, megatsɔm ƒu gbe o, eye megagblẽm ɖi o, nye xɔname ƒe Mawu!


Elabena fukpekpewo ɖe to ɖem taŋtaŋ, nye vodadawo lém, womele kpɔkpɔ me nam o; wosa gbɔ wu nye taɖa; eye nye dzi gblẽm ɖi.


Nyɔ, Aƒetɔ! Nukaŋuti nèle alɔ̃ dɔm? Fɔ, eye megatsɔ mí ƒu gbe ɖika o!


siwo do tso nye nuyiwo me, eye nye nu gblɔ le nye hiã me la, na wò.


Dawid lɔ na henɔ la hena ŋkuɖoɖodzi.


Yehowa ƒe amenuveve nu metso o, eye eƒe nubianuikpɔkpɔ mese ɖo o;


Tete wògblɔ na wo bena: Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ kpakplim.


Eye le gaƒoƒo asiekelia dzi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe bena: Eli, eli, lama sabaxtani! si gome enye: Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa