Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 68:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Mawu, amesi kplɔa ame tsigbewo va aƒee, eye wòkplɔa gatɔwo yia dzɔgbenyuie mee; ke tosẽlawo atsi kuɖinyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 O! Mawu, ne èdo dze wò dukɔ la ŋgɔ, hezɔ to gbegbe la, Sela

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 68:7
10 Mawu Ofanana  

anyigba wɔnu zu dzeƒee le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.


eya, amesi tsona na amesiwo wote ɖe anyi, eye wònaa abolo dɔwuitɔwo. Ye howa ɖea ga gatɔwo.


Le ŋkeke me la Yehowa zɔa wo ŋgɔ le alilikpo dodoa ɖe me, bena wòafia mɔ wo; eye le zã me la eklẽna na wo le dzobibia ɖe me, bena woate ŋu azɔ zã kple keli.


Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe;


Gligbãla aho adze wo ŋgɔ, woagbãe ato agbo nu age ɖe eme, eye woagado, woƒe fia adze wo ŋgɔ, eye Yehowa anɔ wo nu.


Alo ɖe mawua ɖe te kpɔ be, yeava atsɔ ŋusẽ-nuwɔwɔwo kple dzesiwo, nukunuwo kple aʋawɔwɔ, asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kpakple nu klitsuwo aɖe dukɔ le dukɔwo dome na eɖokui, abe alesi Yehowa, mia Mawu, wɔ na mi le Egipte miekpɔ enea?


Eye Debora gblɔ na Barak bena: Tso! Elabena egbe sia Yehowa le Sisera tso ge aɖe asi na wò. Alo ɖe Yehowa medze ŋgɔwò oa? Tete Barak ɖi tso Tabor-to la dzi, eye ame akpe ewo dze eyome.


Yehowa, esi neho tso Seir, eye netsa to Edom-tagba la, anyigba ʋuʋu, dziŋgɔ ɖuɖu tsi, eye alilikpowo hã dza tsi;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa