Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 68:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke ame dzɔdzɔewo le dzidzɔ kpɔm, wole aseye tsom le Mawu ŋku me, eye wogli kple dzidzɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ, mido ame si le lilikpowo dzi gbɔna la ɖe dzi, eŋkɔe nye Yehowa, eye mitso aseye le eŋgɔ;

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 68:4
19 Mawu Ofanana  

Etsɔa tsiwo sãa eƒe dziƒoxɔ dzi, etsɔa alilikpowo wɔa eƒe tasiaɖam, eye wòzɔa ya ƒe aʋalawo dzi.


Àna menya agbemɔ la, dzidzɔ bɔ ɖe ŋkuwò me, eye vivisese le wò nuɖusi me tegbee.


Eviã dziƒo heɖi ɖe anyi, eye alilikpo dodo le eƒe afɔwo te.


Amesiwo katã ɖoa ŋu ɖe ŋuwò la, nakpɔ dzidzɔ, woatso aseye tegbee, elabena èkpɔ wo ta; amesiwo katã lɔ̃ wò ŋkɔ la, nado ɖe ŋuwò hoo!


Midzi ha na eƒe ŋkɔ ƒe bubu, eye mido kɔkɔe eƒe kafukafu la!


Anyigbawo katã ade ta agu na wò, eye woadzi kafukafuha na wò, woadzi kafukafuha na wò ŋkɔ. Sela.


Mawu, dukɔwo akafu wò, wòe dukɔwo katã woakafu.


Mi anyigba dzi fiaɖuƒewo, midzi ha na Mawu, midzi katukafuha na Aƒetɔ la! Sela.


Ŋu akpe wo, eye ŋɔ adzi wo tegbee, woƒe mo atsi dã, eye woatsrɔ̃,


Kekeli dona na ame dzɔdzɔewo kple dzidzɔ na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la.


Mawu gblɔ na Mose be: „Amesi menye, eyae menye,“ eye wògblɔ bena: Ale nagblɔ na Israel-viwo enye si: „Menye“ ye dɔm do ɖe mia gbɔ;


Nyee ɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu ŋusẽkatãtɔ ene, ke nyemeɖe nye ŋkɔ Yehowa fia wo o.


Eye makplɔ mi ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Nye Yehowa matsɔe na mi wòanye mia tɔ.


Ame dzɔdzɔewo ƒe lala zua dzidzɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ zua ya


Nya ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa do alilikpo ɖidu gbɔna ɖe Egipte: Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋku me, eye dzi lolo ɖe dɔ me na Egipte


Miƒu to anyi, gbeƒãɖelaa ɖe ƒe gbe enye si. Mita mɔ ɖe gbe dzi na Yehowa, eye miwɔ mɔwo dzɔdzɔe ɖe gbegbe na mía Mawu la!


Mito agboawo me yi, mito wo me yi! Midzra mɔ dzi ɖo na dukɔ la; mido mɔ, miɖo mɔ, miɖe kpewo ɖa, mikɔ aflaga dzi na dukɔwo!


Mawu ɖeke mele abe Yesurun ƒe Mawu la ene o, amesi le yiyim le dziƒo, be yeaxɔ na wò, amesi ƒe ŋutikɔkɔe le alilikpowo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa