3 ne woadze si wò mɔ le anyigba dzi kple wò xɔname le dukɔwo katã dome!
3 O! Mawu, dukɔwo akafu wò, anyigbadzidukɔwo katã akafu wò.
Nye luʋɔ nenɔ agbe, ne wòakafu wò, eye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo nekpe ɖe ŋunye.
Le to ɖe nye nuxaxa ŋu, elabena nu ti kɔ nam ŋutɔ; ɖem tso yonyemetilawo si me, elabena wotri akɔ wum.
Viwòŋutsuwo anɔ fofowòwo teƒe, eye atsɔ wo aɖo amegãwoe ɖe anyigba blibo la dzi.
Anyigbadzitɔwo akpɔ dzidzɔ, eye woatso aseye, elabena wòe drɔ̃a ʋɔnu dukɔwo ɖe eteƒe, eye wòe kplɔa anyigbadzitɔwo. Sela.
Megana amesi wote de anyi la, natrɔ kple ŋukpe o! Hiãtɔwo kple ame dahewo akafu wò ŋkɔ.
Egblɔ bena: Nu tsɛ wònye be, nènye nye dɔla, ne nafɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye nakplɔ Israel ƒe amesiwo woɖe la agbɔe; metsɔ wò ɖo kekeli na dukɔwo hã, ne nanye nye xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.
Ado ahatsɔ Yehowa ƒe ŋusẽ kple eƒe Mawu, Yehowa ŋkɔ ƒe gãnye-nye anyi woe, eye woanɔ anyi bɔkɔɔ, elabena alolo azɔ vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu.