Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 66:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Anyigbawo katã ade ta agu na wò, eye woadzi kafukafuha na wò, woadzi kafukafuha na wò ŋkɔ. Sela.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Anyigba la katã de ta agu na wò, wole kafukafuha dzim na wò, wole kafukafuha dzim na wò ŋkɔ.” Sela

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 66:4
12 Mawu Ofanana  

Mi dukɔwo katã, mikafu Yehowa, midoe ɖe dzi, mi anyigbadzitɔwo katã;


Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; amesiwo biaa Yehowa ta sena la, nekafui! Agbe neɖo miaƒe dzi ŋu tegbee!


Woayra amesi nètia, eye nèna be, wòava nɔ wò xɔxɔnuwo! Míaɖu wò ate me nu nyuiwo aɖi ƒo le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.


Womawɔ vɔ̃a ɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa xa anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.


Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa