2 Midzi ha na eƒe ŋkɔ ƒe bubu, eye mido kɔkɔe eƒe kafukafu la!
2 Midzi eƒe ŋkɔ ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ha; mikafu Mawu ƒe gãnyenye!
Eye Lewi-viwo, siwo nye Yesua, Kadmiel Bani, Xasabneya, Serebya, Hodiya, Sebanya kple Petanya, wogblɔ bena: Mitso, ne miakafu Yehowa mia Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe, si ƒo kafukafu kple ŋkɔxɔxɔwo katã ta.
Amekae ate ŋu agblɔ Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo ade goe, eye wòaɖe gbe ƒã eƒe ŋkɔxɔxɔwo katã?
Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!
woawo nesa akpedavɔ, eye woatsɔ aseyetsotso axlẽ eƒe dɔwɔwɔwo afia!
Mi anyigba dzi fiaɖuƒewo, midzi ha na Mawu, midzi katukafuha na Aƒetɔ la! Sela.
Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, amesi ɖeɖe ko wɔ nukunuwo!
Mía xɔname ƒe Mawu, xɔ na mi le wò ŋkɔ ƒe bubu la ta; ɖe mí, eye natsɔ mía nuvɔ̃wo ke mí le wò ŋkɔ la ta!
Woade bubu Yehowa ŋu, eye woaɖe gbe ƒã eƒe kafukafu le ƒukpowo dzi!
Mi dziƒowo, mitso aseye, anyigba, kpo dzidzɔ, eye mi towo, mido aƒa; elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòkpɔ nublanui na eƒe hiãtɔwo.
Eye wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot! Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi!
Eye nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te kple atsiaƒu me kpakple nusiwo katã le wo me la, mese wole gbɔgblɔm bena: Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple alẽvi la, etoe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me!