1 Ha na henɔ la. Mí anyigbawo katã, mitso aseye na Mawu!
1 Mi anyigbawo katã mido ɣli, mitso aseye ɖe Mawu ŋu!
Israel blibo la le aseye tsom, le kpẽ kple dze kum, le gakogoe ƒom, eye wole saŋku kple kasaŋku ƒom sesĩe hetso Yehowa ƒe nubablaɖaka la yii.
Akpedada. Anyigbawo katã, mitso aseye ɖe Yehowa ŋu!
Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa! Mikafu Yehowa!
Mi anyigba dzi fiaɖuƒewo, midzi ha na Mawu, midzi katukafuha na Aƒetɔ la! Sela.
Asaf tɔ na henɔ la, ne woadzi ɖe Gat-viwo tɔ nu.
Midzi ha yeye na Yehowa, mi anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa!
Mi anyigbawo katã, mitso aseye ɖe Yehowa ŋu, aseyetsotso neɖi le mia nu, eye midzi kafukafuha!
Míese hadzidzi tso anyigba ƒe mlɔenu be: Woakafu ame dzɔdzɔewo! Ke nyea megblɔ be: Nye nublanuitɔ, baba nam! Adzodalawo le nu ham, nuhaha dzi adzodalawo le!