Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 60:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Mawu, ègbe mí, èkaka mí hlẽ èdo dɔmedzoe; gatrɔ mí gbɔe!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Èna ɣeyiɣi sesẽwo tu wò dukɔ la, eye nèna wain mí míeno mu hele yiyim sɔgɔsɔgɔsɔgɔ.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 60:3
16 Mawu Ofanana  

Eyata, mía Mawu, wò Mawu gã ŋusẽtɔ, si ŋu ŋɔdzi le, wò amesi lé nubabla kple amenuveve me ɖe asi la, fu, siwo katã dzɔ ɖe mía kple míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo, nyagblɔɖila wokple mía fofowo kpakple wò dukɔ blibo la dzi tso Asur-fiawo ŋɔli vaseɖe egbe la, megaɖi nu tsɛ le ŋkuwò me o!


Wò amesi na míekpɔ hiã kple dzɔgbevɔ̃e geɖe la, wò kee agbɔ agbe mí, eye nahe mí tso anyigbatu me ke ava dzii.


ke boŋ Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la; eyae bɔbɔa amesi ɖe anyi, eye wòdoa ame keme ɖe dzi.


Mawu, gaɖo mí te, na wò ŋku me naklẽ, ne míakpɔ xɔname!


Mawu Zebaot, gaɖo mí te, na wò ŋku me naklẽ, ne míakpɔ xɔname!


Gatrɔ ɖe mía ŋu, mía xɔname Mawu, eye nadzudzɔ wò adãwɔwɔ ɖe mía ŋu!


Ke ègbe ame, eye nèdo vlo ame; edo dziku ɖe wò amesiamina ŋu.


Fɔ, fɔ, Yerusalem, tso, wò, si no dɔmedzoekplu tso Yehowa si me, èno kplu muame la kpɔ egɔme ƒiaƒiaƒia.


Ale wò Aƒetɔ Yehowa kple wò Mawu, amesi wòa avu ɖe eƒe dukɔ nu la, gblɔ esi: Maxɔ kplu muame, nye dɔmedzoekplu la, le asiwò me, eye màganoe azɔ o;


Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ nam enye si: Xɔ dɔmedzoe ƒe weinkplu sia le asinye, eye natsɔe na dukɔ, siwo katã gbɔ maɖo wò ɖo la, woano.


Eɖom-nyɔnuvi, wò Uz-nyigba dzi nyɔnu, tso aseye, nakpɔ dzidzɔ; kplu la le vava ge na wò hã, eye namu aha aɖe ama.


Eye wòwɔ eƒe nya, si wògblɔ ɖe mía kple míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, siwo drɔ̃ ʋɔnu mí ŋu la dzi, be yeahe dzɔgbevɔ̃e, si meva me le dziƒo blibo la te kpɔ o la, ava mia dzii, abe alesi wodzɔ ɖe Yerusalem dzii ene.


Ŋukpe aɖi ƒo na wò, eye menye bubu o; wò hã noe, ne naɖe ama, Yehowa ƒe nuɖusi lé kplu la wòva ɖo gbɔwò, eye, wò bubu aɖi gbɔ.


Eye du gã la ma ɖe akpa etɔ me, eye dukɔwo ƒe duwo mũ; eye woɖo ŋku Babilon gã la dzi le Mawu ƒe ŋku me, bene woana eƒe dɔmedzoedziku ƒe ahakplui, ne wòano.


Baba, baba na du gã la! Eya, si do aklalabiɖibiɖiwu kple aɖabɛwu kple awu dzi, eye wòwu leke kple sika kple kpe xɔasi kple adzagbawo! Elabena le gaƒoƒo ɖeka me kesinɔnu geɖe siawo golẽ petepete.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa