Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 60:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 le esime wòwɔ aʋa kple Aramtɔwo le Mesopotamia kple Aramtɔwo le Zoba, eye Yoab trɔ hewu Edomtɔ akpe wuieve le dzeʋe la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Èʋuʋu anyigba la, eye nèfee wòle nuvo, eya ta gatre eƒe gbagbãƒeawo, elabena ele ʋuʋum.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 60:2
30 Mawu Ofanana  

Anyigba ʋã, eye wòʋuʋu, eye dziƒo ƒe anyinɔwo dzo kpekpekpe: woʋã elabena edo dɔmedzoe.


Eye wòva me le nusiawo megbe bena, Dawid si Filistitɔwo, eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi, eye Dawid xɔ du gã me dziɖuɖu le Filistitɔwo si.


Abisai, Zeruya vi, wu Edomtɔ ame akpe wuienyi le dzeʋe la me,


Dawid si Zoba-fia Hadadezer le Xamat, esime wòva, be yeado eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat-tɔsisi la nu.


Esi Aramtɔwo tso Damasko, be yewoaxɔ na Zoba-fia Hadadezer la, Dawid wu ame akpe blave vɔ eve le Aramtɔwo dome.


eye nye dukɔ, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, bɔbɔ eɖokui, wodo gbe ɖa, eye wodi nye ŋku me, eye woɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la, ekema masee le dziƒo, eye matsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye mayɔ dɔ woƒe anyigba la.


Elabena edea abi eme ŋu, eye wògablanɛ, eƒoa ame, eye eƒe asi daa gbe le eŋu.


Eʋuʋu anyigba le enɔƒe, ale be eƒe sɔtiwo na.


Eya, amesi doa mo de anyigba dzi, tete wòdzena nyanyanya, ekaa asi towo ŋu, eye wotua adzudzɔ.


Anyigba, dzidzi neƒo wò le Aƒetɔ la ŋku me, le Yakob ƒe Mawu la ŋku me;


Esi meɖo xaxa me la, meyɔ Yehowa, eye medo ɣli na nye Mawu. Ese nye gbe le eƒe gbedoxɔ me, eye nye ɣlidodo de egbɔ ge ɖe eƒe to me.


Eɖi gbɔ wò dɔla ƒe nubabla, ègblẽ kɔ ɖo na eƒe fiakuku hetsɔe ƒu gbe ɖe anyigba.


Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?


Gbesigbe Yehowa bia eƒe dukɔ ƒe kakaƒe, eye wòda gbe ƒe eƒe abi, si wòxɔ ŋu la, ɣleti ƒe keklẽ anɔ abe ɣe tɔ ene, eye ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe dzi zi gbɔ zi adre abe keklẽ le ŋkeke adre me ene.


Eyata Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu, eye wòdo eƒe alo ɖe dzi heƒo wo, ale be towo dzo kpekpekpe, eye woƒe kukuawo tsi kpɔdome abe gbeɖuɖɔ ene. Ke to esiawo katã gbɔ hã la eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Elabena Aram ƒe ta enye Damasko, eye Damasko ƒe ta enye Rezin, eye le ƒe blaade vɔ atɔ̃ me la woagbã Efrayim gudugudu, eye maganye dukɔ azɔ o.


Ke Yehowa enye Mawu vava; eyae nye Mawu gbagbe kple fia mavɔ; anyigba ʋuʋu le eƒe dɔmedzoe nu, eye eƒe dziku menya le tsɔtsɔm na dukɔwo o.


Eye wò la gblɔ nya sia na wo bena: Nye ŋku le aɖatsi fam zã kple keli, eye madzudzɔ o, elabena wogbã nye dukɔ ƒe nyɔnuvi, ɖetugbi, wote eŋu, eye wòxɔ abi vevie!


Yehowa be: Mahaya wò, eye mayɔ dɔ wò ahiãwo; elabena wole yɔwòm be „amenyãdegbea“, Zion, „si ta womebiana sena o.“


Meɖe ŋku ɖe towo, kpɔ ɖa, wole dzodzom kpekpekpe, kple ɖe togbɛwo katã, kpɔ ɖa, wole ʋaʋãm.


Amewo katã le nu xam le Moab ƒe xɔtawo katã kple eƒe kpɔdomeewo katã, elabena megbã Moab abe ze manyomanyo ene.


Yerusalem-nyɔnuvi, ameka matsɔ asa kpli wò, ne wòaɖi wò? Zion-ɖetugbi ameka matsɔ aɖo ŋuwò, ne mafa akɔ na wò? Elabena wò abi lolo abe atsiaƒu ene, amekae ada gbe le ŋuwò ma?


Madi esiwo bu, eye makplɔ tsiwo ka hlẽ la agbɔe, mabia abi na esiwo ŋe ala, eye maɖo ŋusẽ esiwo ƒe lãme gblẽ, makpɔ esiwo da ami, kple esiwo ƒe lãme sẽ la ta, eye manyi wo, abe alesi dze ene.


Eyata mina míagatrɔ ɖe Yehowa ŋu; elabena eyae vuvu mí, eye agada gbe le mía ŋu, eyae de abi mía ŋu, eye agablae ne mí.


De anyigba maʋuʋu, eye edzinɔlawo katã naxa nu le esia ta oa? Akɔ dzi glodzoo abe Nil, eye wòadze agbo agadze anyi abe Egipte-tɔsisi la ene.


Towo kpɔ wò, eye wodzo kpekpekpe, eye tɔwo gbagba ɖe anyi bababa; agumetsiwo na wose wo ŋkɔ, eye wodo alo ɖe dzi.


Eye kpo ɖa, mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagba vaseɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu, eye kpe gbadzawo wo,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa