Mía Mawu, ƒu to anyi nase nu, eye nake ŋku akpa alesi míetsi gbegbee, kple du, si ŋu woyɔ wò ŋkɔ ɖo la ɖa; elabena menye míaƒe dzɔdzɔenyenye ta mlehɔhɔ mía ɖokui ɖe anyi le koko ƒom na wò ɖo o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ geɖe la tae.
Tso mia fofowo ŋɔli ke mieƒo asa na nye ɖoɖowo, eye miewɔ wo dzl o. Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye ha matrɔ ɖe mia ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Eye ne miebe: Aleke míatrɔe hã la,