8 Nye dzi dze eme, Mawu, nye dzi dze eme; madzi ha, eye maƒo saŋku.
8 Nyɔ, nye luʋɔ! Nyɔ, kasaŋku kple gasaŋku! Mana fɔŋli nanyɔ!
Eye wogbɔ va Yerusalem hetsɔ saŋkuwo, kasaŋkuwo kple kpẽwo yi Yehowa ƒe aƒe la me.
Mitsɔ kpẽɖiɖi kafui; mikafui kple saŋku kple kasaŋku!
Eyata nye dzi le dzidzɔ kpɔm, eye nye bubu le aseye tsom, nye ŋutilã hã anɔ anyi dedie.
Azɔ nye ta kɔ dzi ɖe nye futɔ, siwo ƒo xlãm godoo la ŋuti mase aseyetsovɔ le eƒe agbadɔ me, madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa.
Ena nye nuxaxa zu ɣeɖuɖu nam; èɖe akpanya le ŋunye hetsɔ dzidzɔ bla ali dzi nam,
ne maɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui la kple nye dzidzɔseye ƒe Mawu la gbɔ, eye matsɔ saŋku akafu wò, Mawu, nye Mawu la!
Nyɔ, Zion, nyɔ nata wò ŋusẽ! Yerusalem, wò du kɔkɔe la, ta wò atsyɔ̃vɔwo! Elabena bolotɔwo kple ame makɔmakɔwo magava mewò azɔ o.
Mi Yerusalem ƒe aƒedowo, mido aƒa, mitso aseye yoo; elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòɖe Yerusalem!
Esia ta nye dzi kpɔ dzidzɔ, eye nye aɖe tso aseye; ẽ, nye ŋutilã hã adzudzɔ le nukpɔkpɔ me.
Nyɔ, nyɔ, Debora! nyɔ, nyɔ, nadzi ha! Tsi tre. Barak! Abinoam vi, kplɔ wò aboyomewo!