Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 53:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe nufiameha na henɔ la, ne woadzi ɖe nublanuigbe me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Bometsila gblɔ le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame baɖawo, woƒe mɔwo hã nye nu tovowo, ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 53:1
24 Mawu Ofanana  

Eye Yerobeam gblɔ le eƒe dzi me bena: Azɔ fiaduƒe la gale gbugbɔ ge ayi de Dawid ƒe aƒe la si me.


Matrewɔlawo hã le anyigba la dzi, eye wokpɔ dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋku me la, ƒe ŋunyɔnuwo katã wɔ.


Ɖe ame dzadzɛ ate ŋu atso ame madzamadza mea? Ɖeka pɛ hã o!


ʋuu eke, ne wòahayi ame nyɔŋu, ame gbegblẽ, amesi noa nu vlo wɔwɔ abe tsi ene la, nye ge?


Egblɔna le eƒe dzi me be: Mawu ƒe ŋku dzo le edzi, eɣla eƒe mo, eye mele ekpɔ ge akpɔ gbeɖegbeɖe o.


Nukaŋuti ame vɔ̃ɖi le alɔme ɖem le Mawu ŋu le gbɔgblɔm le eƒe dzi me be, mabia eta ase oa?


Ame vɔ̃ɖi buna le eƒe dada me be: Mabia eta ase o, Mawua ɖeke meli o. Eƒe tamesusu katã nye esi.


Egblɔna le eƒe dzi me bena: Ke maɖe le tenye akpɔ o, eye amesi maɖo dzɔgbevɔ̃e me ɣeaɖekeɣi akpɔ gbeɖegbeɖe o la, menye.


Hadzidzi. Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „Dɔléle“ ƒe gbe nu. Heman tso Ezrax-viwo dome ƒe nufiameha.


Yehowa, wò nuwɔwɔwo lolo loo, wò susuwo me goglo ŋutɔ.


Ɣeyiɣi kpuia ɖe ko mèzɔ woƒe mowo dzi o, eye mewɔ nu ɖe woƒe ŋunyɔnuwo nu o; tete nèwɔ nu le wò mowo katã dzi wòvloe wu wo to.


Samaria mewɔ wò nuvɔ̃wo ƒe afã o, eye ewo ŋunyɔnu wui; ale nètsɔ wò ŋunyɔnu, siwo katã nèwɔ la, tso afia na nɔviwònyɔnuwo.


Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.


Ke Mawu gblɔ ne bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?


Eyata esi wònye wonya Mawu hafi, gake womekafunɛ abe Mawu ene o, ke boŋ woƒe tamesusuwo zu yaka, eye woƒe dzi masenugɔmewo do viviti la.


Eye alesi womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze ɖe asi o la, nenema Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o;


Elabena nusiwo wowɔ le ɣaɣlaƒe la, enye ŋukpe be woaƒo nu le wo ŋuti gɔ̃ hã.


Megawɔ alea na Yehowa, wò Mawu la o, elabena ŋunyɔnu, siwo katã Yehowa lé fui la, eya wowɔna na woƒe mawuwo; wotɔa dzo wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo gɔ̃ hã na woƒe mawuwo.


Elabena agbe ƒe ɣeyiɣi, si va yi la, sɔ gbɔ be, miewɔ trɔ̃subɔlawo ƒe lɔlɔ̃nu, eye miezɔ le hadzedzewo, nudzodzrowo, ahatsunonowo, nutsuɖuɖuwo, aglotutuwo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ la me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa