Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 51:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ŋuwò, wò ko ŋu mewɔ nu vɔ̃ ɖo, eye nu si nye vɔ̃ le wò ŋkume la mewɔ, eya ta ne èle nu ƒom la, woaɖee afia be tɔwò dzɔ, eye ne ètso afia la, woagblɔ be ele eteƒe.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 51:4
23 Mawu Ofanana  

Tete Mawu gblɔ nɛ le drɔ̃eƒe bena: Nye hã menyae bena, wò dzime kɔ le ewɔwɔ me; eyata metso wò xɔ ɖo, be nagade asi eŋu ahawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye o.


Ke Yuda ƒe ŋgɔgbevi Ger enye ame vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋku me, eyata Yehowa wui.


Amea ɖeke meɖe nunye le aƒe sia me o, eye womeɖe naneke le eme nam o, negbe wò ko, elabena srɔ̃a nènye. Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?


Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo.


Wona wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo to dzo me, woka afã hesa dzo, eye wotsɔ wo ɖokui ƒle na nu vɔ̃ɖi wowɔ le Yehowa ŋku me, ne woatsɔ aɖo dɔmedzoe nɛ.


Ena viawo to dzo me, eye wosa dzo, eka afã, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me, ne wòatsɔ do dziku nɛ.


Ele dzi me yɔ dziƒo kple anyigba ɖa, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ.


Dziƒowo ɖe gbe ƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, elabena Mawu enye ʋɔnudrɔ̃la.


Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o.


Fɔɖiŋuvɔsae, Yehowa ŋue wòɖi fɔ la le.


Ke ɖevi la gblɔ ne bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò, eye nyemegadze be, nayɔm be viwò o.


Eye esi dukɔ la katã kple nudzɔlawo see la, wotso afia na Mawu, eye wona wotsɔ Yohanes ƒe mawutsi de ta na wo.


elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsua ɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.


Ke wò la, le wò dzi sesẽ, si metrɔ o la nu, nèƒo dziku nu ƒu ɖi na ɖokuiwò hena dziku ƒe ŋkeke kpakple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ƒe ɖeɖefia la,


Gbeɖe! Hafi nenɔ ale: Mawu nye nyateƒetɔ, ke amesiame aʋatsokalae, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Bene woatso afia na wò le wò nyawo me, eye bene naɖu dzi, ne wodrɔ̃ ʋɔnu wò.“


Elabena amesi gblɔ bena: „Megawɔ ahasi o la,“ egblɔ hã bena: „Megawu ame o!“ Azɔ ne mèwɔ ahasi o, ke nèwu ame la, ètrɔ zu sedzidala.


Ke ne miele ame ŋku me kpɔm la, miewɔ nuvɔ̃, eye se la ƒoe ɖe mia nu miedze sii be, sedzidalawo míenye.


Eye mese tsiawo ƒe mawudɔla le gbɔgblɔm bena: Wò amesi li, eye nènɔ anyi, wò kɔkɔetɔ la, wòe nye dzɔdzɔetɔ, le esi nèdrɔ̃a ʋɔnu ale la ŋuti;


Eye mekpɔ dziƒo le nuvo; eye kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ ɣia ɖe, eye woyɔ amesi doe la be nuteƒewɔla kple nyateƒea, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa