Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 51:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Elabena mèdia akpedavɔsa o, anye ne mana wò; numevɔsa hã medzea ŋuwò o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Na nu nadze edzi na Zion le wò didi nyui la nu, eye nàɖo Yerusalem ƒe gliwo te.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 51:18
23 Mawu Ofanana  

Tete megblɔ na wo bena: Miele dzɔgbevɔ̃e, si me míele la kpɔm, be Yerusalem zu aƒeɖo, eye eƒe agbowo fiã oa? Eyata mina míaɖo Yerusalem ƒe gliawo, be womagaɖe alɔme le mía ŋu azɔ o!


Dukɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye anyigbawo dzi fiawo avɔ̃ wò ŋutikɔkɔe.


Yehowa tsoa Yerusalem, eƒoa Israel ƒe amesiwo woka hlẽ la, nu ƒu;


Mawu, ɖe Israel tso eƒe xaxawo katã me!


Akpedavɔsa kple numevɔsa medzea ŋuwò o; eʋu to nam; mèdia numevɔsa kple nuvɔ̃vɔsa o.


Dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kpakple nusiwo katã ʋãna le eme, mikafui!


Elabena Yehowa afa akɔ na Zion, afa akɔ na woƒe aƒedowo katã, awɔ woƒe gbegbe abe Eden ene kple woƒe tagba abe Yehowa ƒe aba ene; vivisese kple dzidzɔ, kafukafuha kple saŋkuƒoƒo anɔ anyi.


Viwòwo atso blemaƒedowo, eye afɔ gbaɖegbetɔwo ƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye woayɔ wò be „gli gbagbãwo ɖɔɖola, mɔwo dzradola, ne woatso aƒe ɖi.“


Nyemazi ɖoɖoe o le Zion ta, eye le Yerusalem ta nyemagbɔ ɖe eme o, vaseɖe esime eƒe dzɔdzɔenyenye nado abe kekeli ene, eye eƒe xɔname nabi abe akakati ene.


Mi amesiwo si le yi nu, midzo, eye migatɔ ɖi o! Miɖo ŋu Yehowa le adzɔge, eye Yerusalem nenɔ ta me na mi!


Azɔ nyae, eye naƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si woɖe se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa aɖre; eye woatsɔ kwiasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔɖomeewo le xaxaɣi.


Ɖe agbo akpewo kple amitɔʋu akpe nanewo adze Yehowa ŋua? Ɖe matsɔ vinye ŋgɔgbea ana ɖe nye dzidadawo ta kple nye dɔmevi ana ɖe nye luʋɔ ƒe nuvɔ̃wo taa?


Ŋkeke la ghɔna, be woaɖo wò gliwo, eye wò liƒowo ate ayi adzɔge ʋĩ gbemagbe.


Tete mefɔ kɔ dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ ŋutsua ɖe le dzidzeka ɖe asi.


Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.


esi wotsɔ lɔlɔ̃ ɖo mí ɖi hena vinyenye to Yesu Kristo dzi na eɖokui le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe ŋudzedze la nu,


esi wòna míenya eƒe lɔlɔ̃nu ƒe nya ɣaɣla la le eƒe ŋudzedze, si wòɖo ɖi le eɖokui me la nu


Elabena Mawu enye amesi wɔa didi kple nuwɔwɔ siaa le mia me le eƒe ŋudzedze la ŋuti.


Esiata hã miedoa gbe ɖa ɖaa le mia ta, bena mía Mawu nabu mi be, miedze yɔyɔ la, eye wòawu dɔmenyonyo ƒe ŋudzedze; katã kple xɔse ƒe do la nu le ŋusẽ me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa