Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 51:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Mawu, wɔ dzi dzadzɛa ɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Gbugbɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzidzɔ de menye, eye nàna gbɔgbɔ si le klalo la be wòalém ɖe asi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 51:12
24 Mawu Ofanana  

Tsɔ wò nya la li ke nye afɔɖeɖe, eye megana nu vɔ̃ɖia ɖeke naɖu fia de dzinye o!


Ne nye futɔ magagblɔ be: „Mede enu“ o, eye nye ketɔ matso aseye, le esi ke ɖe le tenye ta o!


Nye afɔɖeɖewo li ɖe wò mɔwo dzi zã, eye ke meɖe le nye afɔwo te o.


Ameka adze si dzidadawo? Tso nam le dzidada ɣaɣlawo me!


Dawid ƒe ha na henɔ la.


Amesi ƒe asi me dza, eye eƒe dzi me kɔ, amesi ƒe luʋɔ media aʋatso yome mɔ o, eye meda alakpa heka atam o ta,


Ke nye luʋɔ atso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ŋu.


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Mi dziƒowo, mitso aseye, anyigba, kpo dzidzɔ, eye mi towo, mido aƒa; elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòkpɔ nublanui na eƒe hiãtɔwo.


Mele dzidzɔ kpɔm ɖe Yehowa ŋu, nye luʋɔ le aseye tsom ɖe nye Mawu ŋu; elabena eta xɔname ƒe avɔ nam, eye wòdo dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya nam, abe alesi ŋugbetɔsrɔ̃ blaa atsyɔ̃tae kple alesi ŋugbetɔ doa nui la ene.


Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mo kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋuta si me wòle, ne eƒe azɔlime nato ma ɖeka o.


eye nye gbɔgbɔ tso aseye le Mawu, nye xɔla ŋuti,


Wò la, ameka nènye be, nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubu ƒe dɔla? Ye ŋutɔ ƒe aƒetɔ wòle tsitre na, alo wòdze anyi na; gake anɔ tsitre, elabena Mawu ate ŋu alée ɖe tsitre.


Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo!


Ke Aƒetɔ la enye Gbɔgbɔ la, ke afisi Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le la, afima ablɔɖe le.


amesiwo ŋu wodzo le Mawu ƒe ŋusẽ me to xɔse me hena xoxo, si su te, bene woaɖee afia le ɣeyiɣi mamletɔ dzi,


Ke amesi ate ŋu alé mi ɖe asi, bena miagakli nu o, eye wòate ŋu atsɔ mi atu tsitre ɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋku me mokaka manɔŋui le dzidzɔ gã me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa