Gake Yehowa ve wo nu, ekpɔ woƒe nublanui, eye wòtrɔ ɖe wo ŋu le nu, si wòbia kple Abraham, Isak kple Yakob la ta, eye meɖi be, yeagblẽ wo o, eye meɖe woɖa le eƒe ŋkuta o vaseɖe fifi.
Eye Yehowa gblɔ be: Maɖe Yuda hã ɖa le nye ŋku ta, abe alesi meɖe Israel ɖa ene; eye mate Yerusalem-du sia, si metia, kple xɔ, si ŋu megblɔ le be, nye ŋkɔ anɔ afima la ɖa.
Azɔ mí, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo, mienya alesi miana nunana nyui mia viwo, ʋuu keke Fofo, si le dziƒo la, mana Gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la o mahã? Yesu he nya ɖe farisitɔ, siwo di bena, yewoado vloe bebia dzesi tso dziƒo la ŋuti.
Ke miawo la mienɔa anyi le ŋutilã me o, negbe le Gbɔgbɔ me, ne ele nenema bena, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔa mia me la. Ke ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele amea ɖe me o la, eya menye etɔ o.
Eye nyɔnu la gblɔ bena: Simson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò loo! Tete wonyɔ tso alɔ̃ me hebu bena: Mado abe tsã ene, eye maʋuʋu ɖokuinye! Ke menyae be, Yehowa dzo le egbɔ o.