Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 51:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe ha na henɔ la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 O! Mawu, kpɔ nye nublanui le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta. Le wò dɔmenyo sɔgbɔ la nu, tutu nye dzidadawo ɖa.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 51:1
31 Mawu Ofanana  

Le ɣetrɔ me, esi Dawid fɔ tso eƒe aba dzi le tsa ɖim le fiaxɔ ta me la, ele xɔa ta me kpɔ nyɔnua ɖe le tsi lem; nyɔnu la dze tugbe ŋutɔ.


Tete míaƒe futɔwo gblɔ bena; Womegadze sii o, eye womegakpɔ mi o, vaseɖe esime míaɖo wo dome, eye míawu wo ahana dɔ la nu natso.


Eɖo ŋu eƒe nubabla le wo ta, eye wòvee le eƒe amenuveve geɖe la nu.


Mía fofowo melé ŋku ɖe wò nukunuwo ŋule Egipte o, womeɖo ŋu wò amenuveve geɖeawo o, eye wosẽ to le ƒu la nu, le Avaƒu la nu.


Ke wò, Aƒetɔ Yehowa, wɔ nam le wò ŋkɔ la ta; esiwò amenuveve nyo ŋuti la ɖem!


Wɔ na wò dɔla le wò amenuveve la nu, eye nafia wò ɖoɖowom.


Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.


Dawid ƒe ha na kasaŋkutɔwo ƒe henɔ.


Nyemeɣla wò dzɔdzɔenyenye ɖe nye dzi me o; mekɔ nu le wò nuteƒewɔwɔ kple wò xɔname dzi, eye nyemeɣla wò amenuveve kple wò nyateƒe de ameha gãwo o.


Etsrɔ̃a aʋatsokalawo; Yehowa tsria hlɔ̃me kple alakpatɔ.


Tsɔ akutsa klɔ nye nuvɔ̃ ɖa, ne ŋunye naɖi; le tsi nam, ne matu tititi wu ɖetifu!


Amesiwo bɔbɔ nɔ agbo nu la, le nu ƒom le ŋunye, eye ahamulawo le ha dzim deyem.


ne tsi magaɖɔ ato tanye o, ne gogloƒe magamim o, eye vudo magaxe eƒe nu ɖe nunye o!


Ɖe eƒe amenuveve nu yi ɖikaa, eye ɖe eƒe ŋugbedodo nu tsi na dzidzimewo katã?


Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o.


Mena wò dzidadawo bu abe atu ene kple wò nuvɔ̃wo abe alilikpo ene; trɔ va gbɔnye, elabena meɖe wò.


Do ŋku ɖa tso dziƒo, eye nakpɔ nu tso wò nɔƒe kɔkɔe nyo la me! Afika wò ŋuʋaʋã kple wò nutsuwɔwɔwo le? Wò dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ de megbe le ŋunye.


Makafu Yehowa ƒe amenuveve kple Yehowa ƒe ŋkɔxɔxɔ le nusiwo katã Yehowa wɔ na mí la nu kpakple eƒe dɔmenyo gbogbo, siwo wòwɔ na Israel ƒe aƒe la le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple eƒe amenuveve geɖe la nu.


Ke wò, Yehowa, ènya woƒe tame, siwo katã woɖo ɖe ŋunye hena nye ku; megatsyɔ nu woƒe vodadawo dzi o, eye megatsi woƒe nuvɔ̃ nu le ŋkuwò me o; ke boŋ wòadze anyi le ŋkuwò me. Wo wo alea le wò dɔmedzoedogbe!


ke boŋ ne edo nuxaxa na ame la, egakpɔa nublanui le eƒe amenuveve geɖe la nu.


Mía Mawu, ƒu to anyi nase nu, eye nake ŋku akpa alesi míetsi gbegbee, kple du, si ŋu woyɔ wò ŋkɔ ɖo la ɖa; elabena menye míaƒe dzɔdzɔenyenye ta mlehɔhɔ mía ɖokui ɖe anyi le koko ƒom na wò ɖo o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ geɖe la tae.


Ke nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke le Aƒelɔ, mía Mawu la si; elabena míese to ɖe eŋu,


Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo,


esi wòtutu ŋɔŋlɔ, si wotsɔ asi ŋlɔe ɖe mía ŋuti le sededewo me, si tsi tre ɖe mía ŋuti la, eye woɖee ɖa le mía kple Mawu dome, esime woklãe ɖe atitsoga ŋuti la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa